Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 4:7 - Agbenya La

7 Ke wotsɔ amenuveve na mía dometɔ ɖe sia ɖe abe ale si Kristo na mí ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke mia dome amesiamee wona amenuveve le Kristo ƒe nunana ƒe dzidzenu la nu.

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 4:7
13 Referans Kwoze  

Le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si wònam nu la, mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be: migabu mia ɖokuiwo amegãwoe wu ale si dze o, ke boŋ mibu mia ɖokuiwo ɖokuibɔbɔlawoe le xɔse ƒe dzidzenu si Mawu na mi la nu.


Mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ eƒe gbɔgbɔmenunana asubɔ ame bubuwoe; abe subɔvi nyuiwo ene la, mima Mawu ƒe amenuveve la anukwaretɔe le mɔ vovovowo nu.


Mexɔe se be miese Mawu ƒe amenuveve, si wònam le mia ta,


Togbɔ be nyemesɔ kple ame gblɔetɔ kekeake le Mawu ƒe amewo dome o hã la, etsɔ amenuveve sia nam be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o,


“Etsɔ sidi akpe atɔ̃ na ame gbãtɔ, tsɔ sidi akpe eve na ame evelia, eye wòtsɔ sidi akpe ɖeka na ame etɔ̃lia. Ema ga la na wo ɖe woƒe ŋutete nu, eye le esia megbe la edzo yi mɔa dzi.


Elabena ame si Mawu ɖo ɖa gblɔa Mawu ƒe nyawo elabena Mawu na Gbɔgbɔ lae le agbɔsɔsɔ me.


Esi mí katã míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo ta la, míele kuku ɖem na mi be migaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.


Mawu ŋutɔ hã ɖo kpe woƒe ɖaseɖiɖi dzi to dzesiwo, nukunuwo kple nukudɔ vovovowo dzi, eye wòna Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nunana amewo le ale si wòlɔ̃ nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite