Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Efesotɔwo 2:15 - Agbenya La

15 To eƒe ŋutilã me la, eɖe se la kple eƒe ɖoɖowo ɖa. Eƒe taɖodzinue nye be yeawɔ ame yeye ɖeka tso ame eveawo me le eɖokui me, be ŋutifafa nanɔ wo dome,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 esi wòɖe se la ƒe sededewo le nyaɖoɖowo me la ɖa le eƒe ŋutilã me, bene wòatsɔ wo ame eve la katã awɔ ame yeye ɖeka le ye ŋutɔ ɖokui me, eye wòwɔ ŋutifafa,

Gade chapit la Kopi




Efesotɔwo 2:15
21 Referans Kwoze  

eye wòtutu nya si wotsɔ ɖe mia ŋuti la ɖa, vodada siawo nye eƒe se siwo dzi mieda le la. Etsɔ nu vɔ̃ siawo katã klã ɖe atitsoga ŋuti, eye wòɖe wo ɖa.


Elabena ame siwo katã tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe se la ƒe dɔwɔwɔwo dzi la, wole fiƒode te, elabena woŋlɔ ɖi be, “Woaƒo fi ade ame sia ame si menɔ agbe ɖe nu sia nu si woŋlɔ ɖe Segbalẽ la me la nu o.”


Ke esi Mawu yɔ nubabla sia be “yeye” la, ewɔ gbãtɔ wòdo xoxo, eye nu si tsi, do xoxo la nu ava yi kpuie.


Azɔ la, miele agbe yeye nɔm, eye agbe yeye nɔnɔ sia na miele nu nyui wɔwɔ srɔ̃m gbe sia gbe le sidzedze me, be mianɔ ame si nye Wɔla la ƒe nɔnɔme me.


Le nyateƒe me, esi mieku kple Kristo ta la, mievo tso nu si xexemetɔwo buna tso ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti la ƒe asi me. Ne ele alea la, nu ka ta miegale wo wɔwɔ dzi, eye woƒe se mawo gabla mi ɖo?


Elabena le Kristo me la, aʋatsotso kple aʋamatsomatso menye naneke o, nu si le vevie lae nye be ame nazu nuwɔwɔ yeye.


Azɔ la, Yudatɔ alo ame si menye Yudatɔ o la megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; ŋutsu alo nyɔnu megali o; elabena mi katã miele ɖeka le Kristo Yesu me.


Tso eya amea me la, wolé ŋutilã la ƒo ƒu helé wo nɔewo ɖe asi, eye ŋutilã la tsina le lɔlɔ̃ me, elabena ŋutinuwo katã le woƒe dɔwo wɔm.


Eya ta ne ame aɖe xɔ Kristo la, enye nuwɔwɔ yeye; nu xoxowo nu va yi, “kpɔ ɖa!” nuwo katã zu yeye.


ame si va zu nunɔla, menye to ɖoɖo si wowɔ da ɖi ku ɖe eƒe dzɔtsoƒe ŋuti o, ke boŋ ku ɖe ŋusẽ si le agbe si mekuna o la ŋuti.


Eya ta ehiã kokoko be woakɔ nu siwo nye dziƒonuwo ƒe vɔvɔli ŋuti kple vɔsa siawo, gake woakɔ dziƒonuawo ŋutɔ ŋu kple vɔsa siwo de ŋgɔ wu esiawo.


elabena wodzi vi na mí, wona ŋutsuvi mí. Dziɖuɖu le eƒe abɔta, eye woda fianyenye ƒe bubuŋkɔwo ɖe edzi be, “Nukunu, Aɖaŋudela, Mawu Kalẽtɔ, Fofo Mavɔ kple Ŋutifafafia.”


Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo míenye, ame siwo wowɔ le Kristo Yesu me hena dɔ nyuiwo wɔwɔ, dɔ siwo Mawu dzra ɖo ɖi na mí be míawɔ la.


Elabena eya ŋutɔe nye míaƒe ŋutifafa. Ewɔ ŋutifafa le mí Yudatɔwo kple mi ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, eye wòɖe mɔxenu la ɖa, eye wòɖe mama ƒe gli si nɔ mía dome tsã la ɖa.


eye le ŋutilã ɖeka sia me la, wòana woazu ɖeka kple Mawu to atitsoga la dzi, eye wòatsrɔ̃ woƒe fuléle la.


Le agbe yeye sia nɔnɔ me la, Grikitɔ, Yudatɔ, aʋatsotsotɔ alo aʋamatsomatsotɔ, ŋkumaʋamaʋutɔ alo Skitiatɔ, kluvi alo ablɔɖevi megali o, ke boŋ wo katã nye kristotɔ, eye Kristo le wo katã me.


Mina ŋutifafa si tso Kristo gbɔ la naɖu dzi le miaƒe dziwo kple agbenɔnɔ blibo katã me ɣe sia ɣi, elabena esia nye miaƒe dɔdeasi kple mɔnukpɔkpɔ abe ame siwo nye ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo ene. Eye mida akpe ɣe sia ɣi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite