Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 9:5 - Agbenya La

5 Elabena agbagbeawo nya nu ɖeka sia be yewole kuku ge ke kukuawo ya menya naneke o eye womeɖoa ŋku naneke dzi hã o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Elabena agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menye naneke o, fetua ɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 9:5
18 Referans Kwoze  

Azɔ la woku, womegale agbe o; ame siwo ku ƒe gbɔgbɔ matsi tsitre o; èhe to na wo, èna gbegblẽ va wo dzi, eye nèɖe woƒe ŋkɔwo ɖa be womagaɖo ŋku wo dzi o.


Womegaɖoa ŋku blematɔwo dzi o; nenema ke ame siwo woava dzi la, maɖo ŋku nu siwo dzɔ do ŋgɔ na woƒe dzidzi dzi o.


Ame aɖeke meɖoa ŋku dziwò ne eku o. Ame kae kafua wò tso eƒe yɔdo me?


Abe ale si woɖoe na ame be wòaku zi ɖeka, eye le esia megbe wòadze ŋgɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ene la,


Ne wode bubu via ŋutsuwo ŋu hã la, menyanɛ o, ne woɖi gbɔ̃ wo hã la, mekpɔnɛ o.


elabena nunyala kple bometsila siaa le kuku ge eye woaŋlɔ wo ame eveawo be keŋkeŋ le ŋkeke siwo gbɔna la me.


Woƒe nu vɔ̃wo nenɔ Yehowa ŋkume ɖaa, ale be wòaɖe woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi,


Hekpe ɖe esia ŋu la, mekpɔ woɖi ame vɔ̃ɖiwo, ame siwo vaa teƒe kɔkɔe la, doa go, eye wokafua wo le du si me wowɔ esia le. Gɔmesese aɖeke mele nu sia hã ŋu o.


gake wòe nye mia Fofo, togbɔ be Abraham menya mí alo Israel nayi si dze ge mi o hã la, wò, o, Yehowae nye mia Fofo, mía Ɖela tso gbe aɖe gbe kee nye wò ŋkɔ.


Kuteƒedede nyo wu aglotuƒedede elabena èle kuku ge eye enye nu nyui be nàbu ku ŋu le esime ɣeyiɣi gale ŋgɔwò.


Menya be àhem ayi ku me, teƒe si woɖo ɖi na kodzogbeawo katã.


Agbagbeawo si ko mɔkpɔkpɔ le. “Enyo be ame nanye avu gbagbe wu wòanye dzata kuku.”


Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o.


Mí katã míele kuku ge, mlɔeba la míaƒe agbe le abe tsi si wotrɔ kɔ ɖe anyigba ene, womagate ŋu aklui o. Ke Mawu ayra wò kple agbe didi wu, ne àto mɔ aɖe nu ana viwò Absalom nagbɔ va aƒe.


Ke wò, o Yehowae, mele ɣli dom na be nàxɔ nam, eye le ŋdi me la, nye gbedodoɖa neva gbɔwò.


Nyɔnua hã va ku mlɔeba.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite