Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 9:15 - Agbenya La

15 Nunyala aɖe si nye ŋutsu dahe aɖe la nɔ du sia me. Enya nu si wòawɔ aɖe dua. Ewɔe, eye wòɖe dua tso futɔwo ƒe asime. Ke emegbe la, ame aɖeke megaɖo ŋku ŋutsu sia dzi kura o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ŋutsu ɖahe nyanua ɖe le eme; eyae tsɔ eƒe nunya xɔ du lae; ke amea ɖeke medo ŋku ŋutsu dahe ma dzi o.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 9:15
8 Referans Kwoze  

Enyo be ame nanye ɖekakpui nyanu si da ahe wu be wòanye fia tsitsi aɖe si nye bometsila, eye wògbea aɖaŋu ɖe sia ɖe xɔxɔ.


Ke Farao ƒe ahakulawo ƒe amegã la ŋlɔ Yosef be enumake, eye megabua eŋu kura o.


Ale nyɔnu la yi ameawo gbɔ kple eƒe aɖaŋu nyui la. Wotso ta le Seba, Bikri vi la nu eye woda eƒe ta la to gli la ta ɖo ɖe Yoab. Enumake Yoab ku kpẽ; ena ameawo dzudzɔ dua gbagbã eye wotrɔ yi fia la gbɔ le Yerusalem.


elabena nunyala kple bometsila siaa le kuku ge eye woaŋlɔ wo ame eveawo be keŋkeŋ le ŋkeke siwo gbɔna la me.


Nunyala dze kalẽtɔ ƒe du dzi eye wòmu mɔ sesẽ si ŋu wole dzi ɖom ɖo la ƒu anyi.


Hekpe ɖe esia ŋu la, mekpɔ woɖi ame vɔ̃ɖiwo, ame siwo vaa teƒe kɔkɔe la, doa go, eye wokafua wo le du si me wowɔ esia le. Gɔmesese aɖeke mele nu sia hã ŋu o.


Ŋusẽ le nunyala ɖeka ŋu wu du gã ewo ƒe dziɖulawo!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite