Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 8:6 - Agbenya La

6 Togbɔ be ame ƒe nukpekeamewo ate ɖe edzi vevie hã la, ɣeyiɣi kple mɔnu nyuitɔ li na nudzɔɖeamedzi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Elabena azãgbe kple ʋɔnudɔdrɔ̃ li na nuwɔwɔ ɖesiaɖe, elabena amegbetɔ ƒe vɔ̃wɔwɔ do agba ɖe edzi.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 8:6
14 Referans Kwoze  

Ɣeyiɣi li na nu sia nu, eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te.


Megblɔ na ɖokuinye be, “Ne azã la su ko la, Mawu ahe nu sia nu si ame aɖe wɔna, nyui kple vɔ̃ siaa ayi ʋɔnue.”


Nu sia nu sɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi. Ke, togbɔ be Mawu de mavɔmavɔnyenye ta me na amegbetɔ hã la, amegbetɔ mate ŋu akpɔ Mawu ƒe dɔ blibo la tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu o,


Nenye be Aƒetɔ la tsi tsitre hetu ʋɔa la, ekema mietsi megbe. Mianɔ tsitre ɖe ʋɔa godo anɔ eƒom be, ‘Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mi.’ “Ke aɖo eŋu na mi be, ‘Nyemenya mi kple afi si mietso o.’


Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, eye nàna wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpuime. Zɔ ɖe wò dzi ƒe didi kple wò ŋku ƒe nukpɔkpɔ nu, ke nyae be Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wò le nu siawo katã ta,


“ ‘Ke esiae nèɣla ɖe wò dzi me eye menya be esia le wò susu me be,


be wòana amegbetɔ natrɔ tso vɔ̃wɔwɔ me eye wòaɖee tso dada me,


“Alo eƒoa ame le dɔbadzi kple ƒutomevevesese si nɔa edzi ɖaa,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite