Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 8:17 - Agbenya La

17 tete mekpɔ nu siwo katã Mawu wɔ. Ame aɖeke mate ŋu ase nu siwo yia edzi le ɣe la te gɔme o. Togbɔ be edze agbagba be yeaku nuwo gɔme hã la, amegbetɔ mate ŋu ake ɖe woƒe gɔmesese ŋu o. Ne nunyala aɖe atɔ asi akɔ be yenya nu hã la, mate ŋu ase egɔme wòade o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 mekpɔ Mawu ƒe dɔwo katã be, amegbetɔ menya ta le nusiwo le ɣea te la nu o, eye ne amegbetɔ le kutri kum le edim hã, menya ta le enu o, eye ne nunyala be, yedze sii hã la, manya ta le enu akpɔ o.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 8:17
13 Referans Kwoze  

Nu sia nu sɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi. Ke, togbɔ be Mawu de mavɔmavɔnyenye ta me na amegbetɔ hã la, amegbetɔ mate ŋu akpɔ Mawu ƒe dɔ blibo la tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu o,


O, Mawu wɔnukɔ aɖe ŋutɔe le mía si. Eƒe nunya kple kesinɔnuwo lolo loo! Míate ŋu ase eƒe nyametsotsowo kple ɖoɖowo me akpɔ o!


Enye teteɖeanyi gã aɖe te menɔ esi medze agbagba be mase nu siawo gɔme,


Ɖe mènyae oa? Ɖe mèsee oa? Yehowae nye Mawu mavɔtɔ la. Eyae nye anyigba ƒe seƒe ke Wɔla. Ɖeɖi metea eŋu alo nu tia kɔ nɛ o. Eƒe nugɔmesese goglo. Ame aɖeke mate ŋu adzro eme akpɔ o.


Ewɔa dzesi siwo gɔme womate ŋu ase o eye wòwɔa nukunu siwo womate ŋu axlẽ o.


Mawu ƒe mɔwo le manyamanya me na mí abe ale si míenya ya ƒe toƒe o kple ale si ame ƒe gbɔgbɔ gena ɖe vidzĩ ƒe lãme le esime vidzĩ la le dadaa ƒe dɔme la o ene.


O! Yehowa, nye Mawu, wò nukunu siwo nèwɔ la sɔ gbɔ loo! Ɖoɖo geɖe siwo nèwɔ ɖe mía ŋu la, ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo afia wò o. Ne ɖe wòanye be maƒo nu le wo ŋu, eye maxlẽ wo afia la, nyemate ŋui o, elabena wosɔ gbɔ akpa.


O! Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Èwɔ wo katã le nunya deto me, anyigba dzi yɔ fũu kple wò nuwɔwɔwo.


Medze agbagba be manya nu tso nu siwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu. Medze sii be dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke mele nu si Mawu ɖo na amegbetɔ be wòawɔ la me o.


Kpɔ mɔ si dzi Mawu wɔa eƒe nuwo toe la ɖa eye nàzɔ mɔ ma dzi. Mègatsi tsitre ɖe dzɔdzɔme ƒe sewo ŋu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite