Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 8:1 - Agbenya La

1 Ame kae le abe nunyala ene? Ame ka ate ŋu aɖe nuwo gɔme? Nunya nana ame ƒe mo klẽna eye wòtrɔa eƒe dzedzeme kplala la.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Amekae le ahe nunyala ene? Eye ameka se nuwo gɔmeɖeɖe me? Nunya nana amegbetɔ ƒe mo kɔna, eye eƒe mo kplala la trɔna.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 8:1
27 Referans Kwoze  

Esi nu siawo nɔ edzi yim la, ame siwo katã nɔ takpekpea me la kpɔ be Stefano ƒe mo trɔ, nɔ keklẽm abe mawudɔla tɔ ene.


Dukɔ sia me tɔwo nye ame nyanyrawo, ame siwo makpɔ nublanui na ɖeviwo alo ame tsitsiwo o.


Gawu la, ele be miase egɔme be nyagblɔɖi aɖeke mele mawunya me si va eme to Mawu ƒe gbeƒãɖela la ŋutɔ ƒe nyameɖeɖe me o.


Ke Aƒetɔ la nɔ ŋunye, eye wòna mɔkpɔkpɔm be magblɔ mawunya dzideƒotɔe na xexea me katã. Ekpe ɖe ŋunye hã be wometsɔm na dzatawo o.


Azɔ míaƒe Mawu, wò ŋutɔ se ale si wole kakam ɖe mía ŋue la ɖa! Na dzideƒo blibo mí wò subɔlawo be míate ŋu agblɔ wò nya la kple dzideƒo.


Esi takpekpea kpɔ Petro kple Yohanes ƒe dzideƒo, evɔ wonye ame gbɔlo siwo menya agbalẽ o la, woƒe mo wɔ yaa, eye wode dzesii be ame siawo nɔ Yesu ŋu va yi.


Ame si si sidzedze le la ƒe ŋku nɔa nunya ŋu, ke bometsila ƒe ŋkuwo tsana, dona ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.


Ke hã la, ne Mawudɔla le eƒe axadzi abe nyaxɔɖeakɔla ene, ɖeka le akpe dome, be wòagblɔ nu si nyo na ame la nɛ,


Mido gbe ɖa ɖe nye hã tanye be ne mele nu ƒom la, Mawu nade nya nu nam, be maƒo nu dzideƒotɔe ne mele gbeƒã ɖem nyanyui la ƒe nya ɣaɣlawo,


Le toa dzi la, Yesu ƒe dzedzeme trɔ enumake. Eƒe mo de asi keklẽ me abe ɣe ene, eye eƒe awu fu tititi abe kekeli ene.


Fia la gblɔ na Daniel be, “Nyateƒee, miaƒe Mawu la nye mawuwo dzi Mawu kple fiawo ƒe Aƒetɔ kple ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiana elabena ète ŋu ɖe nya ɣaɣla la fia.”


Ŋusẽ gã aɖe le nunyala si eye ame si si gɔmesese le la dzia eƒe ŋusẽ ɖe edzi.


be woase nunyalawo ƒe lododowo abebubuwo kple adzowo gɔme.


Woɖo eŋu be, “Mí ame evea míeku drɔ̃e le zã si va yi la me, ke ame aɖeke mele afi sia aɖe drɔ̃eawo gɔme na mí o.” Yosef gblɔ na wo be, “Mawue ɖea drɔ̃e gɔme; ke milĩ drɔ̃eawo nam kpɔ.”


Eya ta miwɔ seawo dzi le nu eve siawo ta: gbã, be miagaxɔ tohehe o; evelia, elabena mienya xoxo tso miaƒe dzi me be ele be yewoawɔ seawo dzi.


Ame vɔ̃ɖi ɖoa mo kplala ɖi, ke dzɔdzɔetɔ léa ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu.


eye woakpɔ eƒe mo wòanɔ keklẽm. Le esia megbe la, egatsɔa motsyɔvɔ la tsyɔa mo va se ɖe esime wòagatrɔ ayi be yeaƒo nu kple Yehowa.


Wokafua ame le nunya si le esi la ta, ke wodoa vlo ŋutsu tagbɔ kuku tɔwo.


Eyae ɖea nu detowo kple nu ɣaɣlawo fiana Enyaa nu si ɣla ɖe viviti me Eye kekeli nɔa eŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite