Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 7:9 - Agbenya La

9 Mègado dɔmedzoe kabakaba o, elabena dɔmedzoedodo kabakaba nana ame zua bometsila.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Wò gbɔgbɔ megayɔ ɖe dzikudodo ŋu o, elabena bometsilawo ƒe akɔtae dziku nana.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 7:9
24 Referans Kwoze  

Nɔvinye lɔlɔ̃awo, milé ŋku ɖe nu sia ŋu be: ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo kple dɔmedzoedodo me,


Ame si doa dɔmedzoe kabakaba la wɔa bometsinuwo eye wòléa fu ayedzela.


Enyo be nànye ŋutsu dzigbɔɖitɔ wu kalẽtɔ, ame si ɖu eƒe dziku dzi la nyo wu ame si xɔ du.


Le esia ta Herod di vevie be woawu Yohanes, gake fia la meda asi ɖe ɖoɖo sia dzi o,


Mawu gblɔ na Yona be, “Enyo be nàdo dɔmedzoe esi ati la kua?” Yona ɖo eŋu be, “Ɛ̃, tɔnye dzɔ be mado dɔmedzoe va se ɖe esime maku!”


Israelviwo ɖo eŋu be, “To ewoe le Israel eya ta míawo tɔe nye teƒe ewo le fia la ƒe nyawo me. Nu ka ta miekpe míaƒe ame mamlɛawo o? Miɖo ŋku edzi be míawoe nye ame gbãtɔ siwo do susua ɖa be míana wòatrɔ agbɔ agava nye míaƒe fia.” Wohe nya sia ɣeyiɣi didi aɖe, ke Yuda ŋutsuwo ƒe nyawo ɖu Israel ŋutsuwo tɔwo dzi.


Absalom lé fu Amnon le esi wògblẽ nɔvia, Tamar ta ale gbegbe be megaƒoa nu kplii gɔ̃ hã o.


Absalom gblɔ na eƒe amewo be, “Milala va se ɖe esime Amnon namu aha, ekema ne mewɔ dzesi aɖe na mi ko la, miawui! Migavɔ̃ o, nyee nye miaƒe aƒetɔ eye esiae nye nye ɖoɖo. Milé dzi ɖe ƒo ne miawɔe!”


Nyɔnuvi la yi dadaa gbɔ ɖagblɔ nya la nɛ. Dadaa gblɔ nɛ be, “Yi nàbia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta.”


Ke Yonadab, David nɔviŋutsu, Simea ƒe viŋutsu gblɔ be, “Mele be nye aƒetɔ nabu be wowu fiaviŋutsuawo katã o. Amnon ko wowu! Esiae nye Absalom ƒe tameɖoɖo si wògblɔna tso gbe si gbe ke Amnon gblẽ nɔvia nyɔnu Tamar.


Gbe ɖeka la, Kain gblɔ na nɔvia, Abel be, “Na míayi gbedzi.” Esi woyi gbea dzi la, Kain wu nɔvia, Abel.


Sidzedze gã aɖe sua ŋutsu dzigbɔɖitɔ si, ke ŋutsu si doa dziku kabakaba la, ɖea eƒe bometsitsi fiana.


Mègatsi dzi ɖe “ŋkekenyui siwo va yi” la ŋu o elabena mènya ne wonyo wu egbeŋkeke siawo o!


mègatsɔ dzitsitsi ahee va ʋɔnui o elabena nu ka nàwɔ le nuwuwua ne hawòvi la do ŋukpe wò?


Eya ta Yehowa, meɖe kuku ɖe nye agbe ɖa; enyo nam be maku wu be manɔ agbe.”


Esi ɣe dze la, Mawu na ŋdɔ sesẽ la kplɔ ɣedzeƒeya xɔdzo aɖe va ƒo ɖe Yona dzi va se ɖe esime nu te eŋu vevie, eye wòbia be yeaku, elabena egblɔ be, “Enyo nam be maku wu manɔ agbe.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite