Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 7:5 - Agbenya La

5 Ne nunyala ka mo na ame la, enyo wu bometsila nakafu ame

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Nunyalawo ƒe dzusese nyo wu, ne woase bometsilawo ƒe ha.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 7:5
14 Referans Kwoze  

Na ame dzɔdzɔe naƒom, enye dɔmenyo wòwɔ nam, na wòaka mo nam, enye ami wòsi ɖe ta nam. Nye ta magbe exɔxɔ o. Gake nye gbedodoɖa tsia tsitre ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe wɔnawo ŋu ɖaa,


Mehea to na ame sia ame si melɔ̃na la enuenu, eya ta ele be mahe to na wò, negbe ɖeko nàɖe asi le wò ɖekematsɔleme ŋu, eye nàtsɔ dzo ɖe nu siwo ku ɖe Mawu ŋu la ŋuti hafi.


Ame si do toku amehehe la, ahedada kple ŋukpe vaa edzi, ke wodea bubu ame si lɔ̃a mokaname ŋuti.


Àte ŋu aka ɖe xɔlɔ̃ ƒe abideameŋu dzi gake ketɔ ƒe nugbugbɔ dzina ɖe edzi.


Mokaname dea ta me na ame si si sidzedze le wu nu si ƒoƒo alafa ɖeka nye na bometsila.


Ame si doa vlo amehehe la xɔa eŋufetu, ke ame si ɖoa to sedede la xɔa eteƒeɖoɖo.


Mègaka mo na fewuɖula o, ne menye nenema o la, alé fu wò; ke boŋ ka mo na nunyala eye alɔ̃ wò nya.


Ame siwo nɔ anyi ɖe agbo nu la ɖe alɔme le ŋunye, eye ahamulawo kekeake hã kpa ha dem.


elabena sedede siawo nye akaɖi, nufiafia sia nye kekeli eye ɖɔɖɔɖo si amehehe hena vɛ la nye agbe ƒe mɔ,


Ŋutsu nunyala ƒe mokaname le na to si le esem la abe sikatogɛ alo sikatsyɔ̃ɖonu aɖe ene.


Ɛ̃, nunyala bua ku ŋu vevie ke bometsila bua agbeɖuɖu fifia ko ŋu.


Ke nunyala ƒe nya si wògblɔna dzaa la, xɔa asi wu bometsilawo ƒe fia ƒe ɣlidodo.


Nunyala ƒe nyawo le abe nutɔame siwo tɔa ame, dea lãme na ame hena nuwɔwɔ eye woƒoa nyateƒe veviwo ɖe to la ene. Sukuvi siwo sea nu siwo woƒe nufialawo gblɔna na wo la, zua nunyalawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite