Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 7:4 - Agbenya La

4 Ɛ̃, nunyala bua ku ŋu vevie ke bometsila bua agbeɖuɖu fifia ko ŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Nunyalawo ƒe dzi le kuleƒe, ke bometsilawo ƒe dzi le dzidzɔleƒe.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 7:4
21 Referans Kwoze  

Le miaƒe fia ƒe ŋkekenyui dzi la, dumegãwo noa wain muna hebɔa ha kple fewuɖulawo.


Le zã ma ke me la, wowu Belsazar, Babilonia fia la


Mana woƒe dɔnunɔlawo kple woƒe nunyalawo namu aha, nenema kee nye woƒe dziɖulawo, dudɔnunɔlawo kple kalẽtɔwo siaa; woadɔ alɔ̃ tegbee eye womaganyɔ gbeɖe o.” Fia si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Ke ne dzo ɖo lãme na wo vɔ keŋ la, maɖo nuɖukplɔ̃ na wo, eye mana woamu aha, ale gbegbe be woado ɣli anɔ nu kom xaxaxa, emegbe woadɔ alɔ̃ tegbee, eye womanyɔ akpɔ o.” Yehowae gblɔe.


Nye dzi tso, vɔvɔ̃ na medzo nyanyanya. Ale fiẽ fafɛ si mele mɔ kpɔm na la zu ŋɔdzi gã aɖe nam.


Le ŋdɔ me lɔƒo la, esi Ben Hadad kple Fia bubu blaetɔ̃-vɔ-eveawo ganɔ aha nom hede mumu ge kloe la, Ahab ƒe aʋakɔ ƒe akpa gbãtɔ ɖe zɔ ɖe dua dzi.


Absalom gblɔ na eƒe amewo be, “Milala va se ɖe esime Amnon namu aha, ekema ne mewɔ dzesi aɖe na mi ko la, miawui! Migavɔ̃ o, nyee nye miaƒe aƒetɔ eye esiae nye nye ɖoɖo. Milé dzi ɖe ƒo ne miawɔe!”


Ale ɖekakpui la kplɔ wo yi afi si Amalekitɔwo ƒu asaɖa anyi do. Wokaka ɖe gbedzi henɔ nu ɖum, nɔ nu nom eye wonɔ ɣe ɖum kple dzidzɔ le Filistitɔwo kple Yudatɔwo ƒe nu geɖe siwo wokpɔ ha la ta.


Esi Abigail ɖo aƒe me la, ekpɔ be ye srɔ̃ ɖo kplɔ̃ gã aɖe eye wòmu aha, eya ta megblɔ nya aɖeke nɛ tso eƒe gododo David ŋu o, va se ɖe esime ŋu ke.


Woabla wo ɖe ŋuve me, woano woawo ŋutɔ ƒe wain amu, eye woabi abe gbe ƒuƒu ene.


Megblɔ na ɖokuinye be, “Enyo, kpɔ dzidzɔ eye nàɖu agbe azɔ, abe ale si nàte ŋui ene.” Ke mekpɔe be esia hã nye tofloko ko


Nuxaxa nyo wu nukoko elabena blanuiléle wɔa dɔ nyui ɖe mía dzi.


Ne nunyala ka mo na ame la, enyo wu bometsila nakafu ame


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite