Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 7:1 - Agbenya La

1 Ŋkɔ nyui xɔ asi wu amiʋeʋĩ xɔasitɔ kekeake. Ame ƒe kugbe nyo wu eƒe dzigbe!

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ŋkɔ nyui nyo wu ami xɔasi, eye kugbe nyo wu dzigbe.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 7:1
23 Referans Kwoze  

Ke mese gbe aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Ŋlɔ agbalẽ be: Woayra ame siwo ku le Aƒetɔ la me tso azɔ dzi heyina.” “Ɛ̃,” Gbɔgbɔ la le gbɔgblɔm be, “Woadzudzɔ tso woƒe dɔwɔwɔwo me, elabena woƒe nuwɔnawo adze wo yome.”


Ŋkɔ nyui didi nyo wu kesinɔnuwo eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika.


Ale mebu be ame kukuwo tɔ nyo sãa wu agbagbeawo tɔ


Ke dzideƒo blibo le mía si, eye wòdzroa mí gɔ̃ hã be míadzo le anyigbadziŋutilã sia me aɖanɔ Aƒetɔ la gbɔ le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe mavɔ la me.


Esia ta míenya be ne wokaka míaƒe xɔ siwo nye míaƒe ŋutilãwo la, Mawu ana ŋutilã yeye makumaku mí le dziƒo. Eye xɔ yeye siwo Mawu ana mí la menye amegbetɔwo ƒe asinudɔ o, ke Mawu ŋutɔe tu wo.


Wò ami ʋeʋĩ si nèsi la le ʋeʋẽm ɖem nyuie; wò ŋkɔ le abe ami si wowu la ene. Mewɔ nuku be ɖetugbiwo lɔ̃ wò nenema gbegbe o!


Nudzodzoe kukuwo ana amiʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ la ƒe atukpa blibo ɖeka gɔ̃ hã naʋẽ kũu! Ɛ̃, vodada sue aɖe ate ŋu agblẽ nunya geɖe kple bubu gã me.


Ami ʋeʋĩ kple dzudzɔdonu ʋeʋĩ doa dzidzɔ na dzi, xɔlɔ̃ ƒe nunyoamenu tsoa eƒe aɖaŋuɖoɖo vavãwo me.


mana ŋkuɖodzikpe kple ŋkɔ wo ɖe nye gbedoxɔ kple eƒe gliwo me, esi nyo wu viŋutsuwo kple vinyɔnuwo. Matsɔ ŋkɔ mavɔ si womate ŋu aɖe ɖa akpɔ gbeɖe o la na wo.


Mo si kɔ la doa dzidzɔ na dzi, eye nya nyui dea agbe ƒuwo me.


Afi ma ame vɔ̃ɖiwo dzudzɔa nyanyra le eye afi ma ame siwo nu ti kɔ na la le gbɔgbɔm ɖe eme le.


Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Abosam dee ta me na Yuda Iskariɔt, Simɔn ƒe vi la be wòaɖade Yesu asi.


Ele abe ami xɔasi si wokɔ ɖe ta me, eye wòtsra va kɔ ɖe ge me ene, ɛ̃, etsra kɔ ɖe Aron ƒe ge me hetsyɔ ɖe eƒe awu ƒe kɔme.


Woɖi ɖase nyui le ame siawo katã ŋuti le woƒe xɔse ta, ke hã la, wo dometɔ aɖeke mexɔ nu si ƒe ŋugbe wodo la o.


To xɔse mee ame siwo do ŋgɔ la kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le Mawu gbɔ.


Gake migakpɔ dzidzɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo to mi o. Ke boŋ midzɔ dzi be woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖe dziƒonɔlawo dome.”


Nɔvinye nyɔnu, nye ŋugbetɔ, wò lɔlɔ̃ vivina loo! Wò lɔlɔ̃ vivina wu wain, eye ami ʋeʋĩ si nèsi la ƒe ʋeʋẽ ƒo atike ʋeʋĩwo katã ta!


Nuwuwu nyo wu gɔmedzedze! Dzigbɔɖi nyo wu ɖokuidodoɖedzi.


Eya ta Yehowa, meɖe kuku ɖe nye agbe ɖa; enyo nam be maku wu be manɔ agbe.”


Ale Rut mlɔ Boaz ƒe afɔ nu va se ɖe fɔŋli. Efɔ kaba hafi ŋu ke nyuie, elabena Boaz gblɔ nɛ be, “Mègana ame aɖeke nanya be nyɔnu aɖe va lugbɔƒe le afi sia o.”


ne menye nenema o la, ame si see la ado ŋukpe wò eye ŋkɔ baɖa si le ŋuwò la maɖe ɖa akpɔ gbeɖe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite