Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 6:3 - Agbenya La

3 Ne viŋutsu alafa ɖeka kple vinyɔnu alafa ɖeka anɔ ame aɖe si, eye wòatsi axɔ ƒe geɖe, gake ga si wòagblẽ ɖi hafi aku la le sue ale gbegbe be viawo mate ŋu aɖii, ade bubu eŋu o la, mele egblɔm be anyo nɛ wu ne eku le eƒe dzigbe,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ne amea ɖe dzi vi alafa, enɔ agbe ƒe geɖe, eƒe agbe me ŋkekewo sɔgbɔ, gake meɖi ƒo ɖe nu nyuiawo ŋu o, eye ameɖiƒea ɖeke mesu esi o la, mele gbɔgblɔm be, fu gege nyo wu eyama.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 6:3
23 Referans Kwoze  

Alo nu ka ta womeɖim ɖe tome abe fu gege ene, abe vidzĩ si mekpɔ ɣe kpɔ o la ene o?


Woaɖii abe ale si woɖia tedzi kuku ene elabena woahee lelele le anyigba, atsɔ aƒu gbe ɖe Yerusalem ƒe agbowo godo.”


eye ame siwo nye dzɔgbenyuitɔwo wu la, woawoe nye ame siwo womedzi o eye womekpɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple nu vɔ̃ siwo xɔ xexea me katã la kpɔ o.


Esi woyi be yewoaɖii la, eƒe taƒu kple eƒe afɔwo kple eƒe asiwo ko wokpɔ.


Yakob ɖo eŋu be, “Mexɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃, meto nu sesẽ geɖewo me, eye nyemetsi abe fofonyewo ene haɖe o.”


Ele na nye Amegbetɔ Vi la be maku abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe da ɖi xoxo ene, gake baba na ame si adem asi la. Le nyateƒe me la, nenye be womegaxa dzii o la, anyo nɛ wu sãa.”


Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda fia Yehoyakim ŋutie nye si: Ame aɖeke masusɔ nɛ, si anɔ David ƒe fiazikpui dzi o, woatsɔ eƒe ŋutilã kukua aƒu gbe ɖe gota, eye ŋdɔkutsu aɖui le ŋkeke me eye ahũ aƒoe le zã me.


Woasia wo, eye ɣe aɖu wo, ɣleti kple dziƒoŋunuwo aklẽ ɖe wo dzi, nu siwo wotsɔ lɔlɔ̃ na hesubɔ nu siwo yome wodze hebia nu le wo gbɔ eye wode ta agu na wo. Womafɔ wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba.


Ame si ku amegã la ƒe fiakukue nye viawo ƒe viwo eye dzilawo nye atsyɔ̃ na wo viwo.


Wole abe abɔbɔ si va yi, eye etoƒe bu la ene. Wonenɔ abe fu gege ene, be womakpɔ ɣe o.


Ale wode ka ve nɛ ɖe kadeveti si wòtu na Mordekai la ŋu, eye fia la ƒe dziku nu fa.


Eƒo adegbe le eƒe gakpɔkpɔ vivivo, viŋutsuwo ƒe agbɔsɔsɔ, ale si fia la doe ɖe dzii kple ale si wòzu ame gãtɔ si kplɔ fia la ɖo le fiaɖuƒe la me la ŋu.


Elɔ̃ Maaka, Absalom ƒe vinyɔnu, wu srɔ̃a bubuawo kple eƒe ahiãviwo. Srɔ̃ wuienyi kple ahiãvi blaade, viŋutsu blaeve-vɔ-enyi kple vinyɔnu blaade nɔ esi.


Yehowa na vi geɖewom eye wòtia Solomo tso vinyewo dome be wòanɔ tenyeƒe, anɔ Israel fiaɖuƒe la ƒe fiazikpui dzi.


Azɔ la, viŋutsu blaadre nɔ Ahab ƒe aƒe me le Samaria. Ale Yehu ŋlɔ agbalẽwo ɖo ɖe Samaria na dumegã siwo nɔ Yezreel kple dumemetsitsiwo kple Ahab ƒe viwo dzikpɔlawo. Eŋlɔ ɖe wo me be,


Esau kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo, eye wòbia be, “Ame kawoe nye esiawo le ŋuwò?” Yakob ɖo eŋu be, “Vinyewoe, Mawue na ɖevi siawo nye wò subɔla to eƒe amenuveve me.”


elabena togbɔ be eƒe dzidzi anye tofloko le ɣe ma ɣi, eye wòawu enu le viviti me, eye womatsɔ ŋkɔ nɛ gɔ̃ hã o,


“Nu ka ŋuti nyemeku le nye dzigbe eye maku hafi ado tso vidzidɔ me o?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite