Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 6:10 - Agbenya La

10 Dzɔgbesee ɖoa nu sia nu dana ɖi; woɖo nu sia nu si ame ava zu la da ɖi xoxo eya ta viɖe aɖeke mele nyahehe kple Mawu tso ale si wòwɔ wo la ŋu o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Nusi dza la, woyɔ eƒe ŋkɔ ɖi tsa, eye nusi ame ava zu la, woɖoeɖa ɖi, eye mate ŋu ahe nya kple amesi sẽ wui o.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 6:10
18 Referans Kwoze  

“Menye amee wònye abe nye ene ne maɖo nya ŋu nɛ, be makplɔe ayi ʋɔnui ahe nya kplii o.


“Ɖe ame si le nya hem kple Ŋusẽkatãtɔ la aɖɔe ɖoa? Ame si tsɔ nya ɖe Mawu ŋu la neɖo eŋu nɛ!”


“Maɖe Edom ɖe nu tso eƒe anyigba dzi zi ɖeka, abe ale si dzata doa go tso Yɔdan ƒe ave dodowo me gena ɖe gbe damawo dzi ene. Ame ka wotia da ɖi ne matɔ asi edzi wòawɔ esia? Ame ka le abe nye ene eye ame kae aʋli ho kplim? Alẽkplɔla kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?”


Nu sia nu si li fifia la, nɔ anyi tso keke gbe aɖe gbe ke eye nu sia nu si ava dzɔ la, dzɔ kpɔ va yi xoxo. Mawu gatrɔa nu si dzɔ kpɔ xoxo la vanɛ.


Nu ka ŋutie nèle nya hem kplii be, meɖo amegbetɔ ƒe nya aɖeke ŋuti nɛ o?


“Amegbetɔ le yiyim, le gbɔgbɔm, ke vɔvɔli ko wònye. Ele agbagba dzem, gake wo katã nye nu dzodzro Eli kɔ kesinɔnuwo gleglegle, gake menya ame si ƒe asi me woayi ɖo o.


Amegbetɔ ƒe ŋkekewo le abe gbe ene, edzena abe seƒoƒo le gbedzi ene;


Yehowa Mawu yɔ amea, eye wòbiae bena, “Afi ka nèle?”


Nu ka? Ɖe miedi be yewoado dɔmedzoe na Aƒetɔa? Ɖe miebu be miesesẽ wuia?


Nunya, gɔmesese kple ɖoɖo aɖeke meli si adze edzi o, ne etsi tsitre ɖe Yehowa ŋu.


Ne wò nyawo sɔ gbɔ la, gɔmesese geɖe manɔ wo ŋu o, ekema nu ka ta nàɖe fu na ɖokuiwò be yeaƒo nu kura?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite