Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 5:9 - Agbenya La

9 Fia la le ame siawo katã tame. Oo, ɖe woakpɔ fia aɖe wòatsɔ eɖokui aɖo anyi ɖe dukɔa ƒe nyonyo ta hafi. Eya koe ate ŋu ahe ɖoɖo ade tɔtɔ sia me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Amesi lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo na o, eye amesi lɔ̃a kesinɔnu la, viɖea ɖeke metso eme nɛ o. Esia hã toflokoe.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 5:9
15 Referans Kwoze  

Ame si ŋlɔ eƒe agble la akpɔ nuɖuɖu geɖe, ke ame si ƒe susu le nu manyatalenuwo yome la, ahedada axɔ aƒe nɛ.


Ame dahe ƒe agble wɔa nuku geɖe, ke amebaba kplɔnɛ dzonae.


Dziƒo kɔkɔtɔ nye Yehowa, Wɔla la tɔ, ke etsɔ anyigba na amegbetɔ.


Ne èkpɔ wole ame dahe aɖe tem ɖe to eye womedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nɛ o le teƒe aɖe le anyigba blibo la dzi la, mègana wòawɔ nuku na wò o elabena amegã ɖe sia ɖe le tatɔ aɖe te eye ame bubuwo gale tatɔawo hã tame.


Ame si lɔ̃a ga la, makpɔ ga wòasɔ gbɔ nɛ, adze eŋu gbeɖe o. Enye bometsitsi be ame nabu be kesinɔnuwoe naa dzidzɔkpɔkpɔ ame!


Nu sia ku ɖe ŋutsu aɖe si si viŋutsu alo vinyɔnu aɖeke mele o la ŋu, ke ŋutsu sia wɔa dɔ sesĩe matsomatsoe, eye wòƒoa kesinɔnuwo nu ƒu. Ame kae wòagblẽ nu siawo katã ɖi na? Nu ka ta wòle nu gbem le eɖokui gbɔ nenema? Viɖe aɖeke kura mele eme o.


Ame ƒe sreɖidzedzewo katã ku ɖe eƒe nuɖuɖu ko ŋu, ke meɖia ƒo ɣe aɖeke ɣi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite