Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 5:13 - Agbenya La

13 Mekpɔ nu vɔ̃ɖi gã aɖe le ɣea te: eyae nye kesinɔnu si woli kɔe da ɖi wòva zu nuveviwɔame na nutɔ

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ne nya vɔ̃a ɖe na kesinɔnu siawo bu, eye wòdzi ŋutsuvi le ekema naneke metsia esi me o.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 5:13
29 Referans Kwoze  

Nu sia na Lot ɖe abla yi ɖagblɔ na viawo srɔ̃wo be, “Netsɔ na mi miado go le du sia me, elabena Yehowa le du sia tsrɔ̃ ge.” Ke toawo bui ko abe ahatso kam wòle ene.


“Ke ŋutsu kesinɔtɔ aɖe nɔ anyi, ame sia doa awu xɔasiwo, eye wònɔa dzidzɔkpɔkpɔ dzi gbe sia gbe.


Le Yehowa ƒe dɔmedzoeŋkeke sia dzi la, woƒe klosalo alo sika mate ŋu aɖe wo o.” Yehowa ƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo afia xexea me katã, elabena atsrɔ̃ ame siwo katã le anyigba dzi la kpata.


Mekpɔ nu siawo katã esi mebu nu sia nu si wowɔna le ɣea te la ŋu. Ɣe aɖe ɣi li esi ame aɖu amegã ɖe ame bubuwo dzi, eye wòtoa esia me wɔa nuvevi eɖokui.


Nu sia ku ɖe ŋutsu aɖe si si viŋutsu alo vinyɔnu aɖeke mele o la ŋu, ke ŋutsu sia wɔa dɔ sesĩe matsomatsoe, eye wòƒoa kesinɔnuwo nu ƒu. Ame kae wòagblẽ nu siawo katã ɖi na? Nu ka ta wòle nu gbem le eɖokui gbɔ nenema? Viɖe aɖeke kura mele eme o.


Kesinɔnu nye nu dzodzro le dzikudogbe, ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tso ku me.


elabena gegemewo ƒe afɔɖeɖe baɖawo awu wo eye bometsilawo ƒe ɖekematsɔleme atsrɔ̃ wo.


Aleae ame siwo tia viɖe ƒoɖi yome la ƒe nuwuwu anɔ, elabena eɖea ame siwo ƒe asi su edzi la ƒe agbe ɖa.


Abram xɔ futɔwo ƒe kesinɔnuwo, Lot kple eƒe kesinɔnuwo hekpe ɖe Lot ƒe nyɔnuwo kple ame bubu siwo katã wolé le aʋa la me la ŋu le futɔwo si.


Le aƒea me la, Zaxeo gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ tso azɔ la, matsɔ nye kesinɔnuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne mexɔ ga le ame aɖe si wu ale si wòle be maxɔ la, maɖo eteƒe nɛ zi gbɔ zi ene sɔŋ!”


Le ŋkeke ma dzi la, amewo atsɔ woƒe klosalolegba kple sikalegba siwo wosubɔna la aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo.


Ke Lot srɔ̃ nye kɔ kpɔ megbe, eye wòtrɔ zu dzekɔ.


“Vavã makpɔ gbɔdzɔe le eƒe nudzodzrowo me o eye maɖe eɖokui to eƒe nunɔamesiwo dzi o.


alo kesinɔnu si wobu to dzɔgbevɔ̃e me, ale be ne viŋutsu le amea si la, naneke matsi anyi na viŋutsu la o.


Mègaku kutri vivivo, agbɔdzɔ ɖokuiwò be yeakpɔ hotsui o, dze nunya nàlé avu ɖokuiwò.


elabena kesinɔnuwo menɔa anyi ɖikaa o eye fiakuku hã menɔa anyi hena dzidzimewo katã o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite