5 Bometsila bla asi ɖe akɔnu eye wògblẽ eɖokui dome.
5 Bometsila ɖe asi asitɛ me hele eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ɖum.
Woavuvu nu le ɖusime, gake dɔ aganɔ wo wum, woaɖu nu le miame, gake womaɖi ƒo o. Ame sia ame aɖu eya ŋutɔ ƒe dɔmevi ƒe lã.
Kuviatɔ meŋlɔa agble le agbledeɣi o, eya ta edia nu le nuŋeɣi doa kpoe.
Nu dzroa kuviatɔ vevie gake mekpɔa naneke o, ke vevidonula ƒe didiwo vaa eme nɛ.
Nu ka ŋuti metsɔ ɖokuinye de xaxa me eye metsɔ nye agbe ɖo nye asiƒome?
Kuviatɔ memea eƒe adelã o, ke nunyala léa be na eƒe nunɔamesiwo.
Ŋuistu dɔmenyotɔ wɔa nyui na eɖokui, gake ŋutsu ŋutasẽla hea hiã vaa eɖokui dzii.
Nya si tso nunyala ƒe nu me nyea amenuvenya, ke bometsila ƒe nuyiwo gblẽa nu le eya ŋutɔ ŋu.
Wò, kuviatɔ va se ɖe ɣe ka ɣi nàmlɔ afi ma? Ɣe ka ɣi nànyɔ tso alɔ̃ me?