Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 4:10 - Agbenya La

10 Ne ɖeka dze anyi la, evelia afɔe, ke ne amea nye ɖeka eye wòdze anyi la, egena ɖe fukpekpe me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Elabena ne wo ɖometɔ ɖka dze anyi la, nana ame de tsitre; ke haha na amesi tsi akogo, elabena ne edze anyi la, evelia meli afɔe de tsitre o.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 4:10
17 Referans Kwoze  

Eya ta mide dzi ƒo na mia nɔewo be miatu mia nɔewo ɖo abe ale si miele wɔwɔm xoxo la ene.


eya ta mitsɔ nya siawo fa akɔe na mia nɔewo.


Nɔviwo, ne ame aɖe dze nu vɔ̃ me la, mi ame siwo Gbɔgbɔ la kplɔna la, miɖɔ ame ma ɖo le dɔmefafa me. Ke miɖɔ ŋu ɖo, be woagate miawo hã kpɔ o.


Fiavi Yonatan yi David di ge azɔ. Edo goe le Hores eye wòdo ŋusẽe le eƒe mawudzixɔse me.


Gbe ɖeka la, Kain gblɔ na nɔvia, Abel be, “Na míayi gbedzi.” Esi woyi gbea dzi la, Kain wu nɔvia, Abel.


Viŋutsu eve nɔ nye, wò dɔla si. Wowɔ avu kple wo nɔewo le gbedzi; ame aɖeke menɔ afi ma alé avu wo o. Ale ɖeka wu nɔvia.


eye esi konyifaɣi la wu nu la, David na Batseba ʋu yi fiasã la me eye wòzu srɔ̃awo dometɔ ɖeka. Batseba dzi ŋutsuvi nɛ, ke nu si David wɔ la, medze Yehowa ŋu kura o.


Mose bia Aron be, “Nu ka tututu ameawo wɔ wò be nèhe nu vɔ̃ triakɔ sia va wo dzi?”


Ame eve ate ŋu awɔ dɔ wu ame ɖeka ƒe dɔwɔwɔ ƒe teƒe eve elabena woƒe nukpɔkpɔ anyo sãa wu.


Hekpe ɖe esia ŋu la, ame eve siwo tsyɔ kundru ɖeka le vuvɔŋɔli le zã me la kpɔa dzoxɔxɔ tso wo nɔewo gbɔ, ke aleke ame ɖeka ate ŋu ade dzo lãme na eɖokui?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite