Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 3:19 - Agbenya La

19 Elabena amegbetɔwo kple lãwo siaa gbɔa ya ɖeka ma ke eye wo ame eveawo siaa kuna. Ale amegbetɔwo tɔ menyo wu lãwo tɔ o. Esia hã nye tofloko!

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Elabena nya ɖeka tɔgbe dzɔna de amegbetɔviwo kple lãwo siaa dzi; alesi esiawo kunae la, nenema ke ekemeawo hã kunae, gbɔgbɔ ɖekae le wo katã si, eye amegbetɔ mexɔ asi wu lã o; elabena wo katã tofloko wonye.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 3:19
18 Referans Kwoze  

Togbɔ be kesinɔnu geɖewo le amegbetɔ si hã la, manɔ agbe tegbee o, ɖeko wòle abe gbemelã siwo tsrɔ̃na ene.


Ame si si kesinɔnuwo le, evɔ gɔmesese mele esi o la le abe gbemelã si tsrɔ̃ la ene.


elabena nunyala kple bometsila siaa le kuku ge eye woaŋlɔ wo ame eveawo be keŋkeŋ le ŋkeke siwo gbɔna la me.


Nunyala kpɔa nu le esime bometsila zɔa viviti me. Ke mede dzesii be nu ɖeka ma ke koe dzɔna ɖe nunyala kple bometsila siaa dzi.


Ke ne èɣla wò mo la, ŋɔdzi léa wo, eye ne èxɔ woƒe gbɔgbɔ le wo si la, wokuna, trɔna zua kewɔ.


Mí katã míele kuku ge, mlɔeba la míaƒe agbe le abe tsi si wotrɔ kɔ ɖe anyigba ene, womagate ŋu aklui o. Ke Mawu ayra wò kple agbe didi wu, ne àto mɔ aɖe nu ana viwò Absalom nagbɔ va aƒe.


Ne ŋutsu siawo aku dzɔdzɔmeku alo nu si dzɔna ɖe ŋutsu ɖe sia ɖe dzi koe dzɔ ɖe wo dzi la, ekema menye Yehowae dɔm o.


Kuteƒedede nyo wu aglotuƒedede elabena èle kuku ge eye enye nu nyui be nàbu ku ŋu le esime ɣeyiɣi gale ŋgɔwò.


Nu ɖeka ma koe li na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo, ame nyuiwo kple ame baɖawo, ame dzadzɛwo kple ame ƒoɖiwo, ame siwo saa vɔ kple ame siwo mesaa vɔ o. Ale si wòle na ame nyui la, nenema kee wòle na nu vɔ̃ wɔla hã. Ale si wòle na ame siwo kaa atam la, nenema kee wòle na ame siwo vɔ̃a atamkaka.


Ame aɖeke menyaa gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe ye dzi o. Edzɔna ko abe tɔmelã si woɖe le ɖɔ me alo xevi si woɖe le mɔ me ene.


Esia nye nu si dzɔna ɖe ame siwo ɖo ŋu ɖe wo ɖokuiwo ŋu la dzi. Aleae wòanɔ na wo yomedzela siwo dea woƒe nyagbɔgblɔwo dzi. Sela


Mekpɔ dɔ siwo katã wowɔna le ɣea te eye kpɔ ɖa, esiawo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko.


Meɖo ta me be madze si nunya, eye manya nu tso tsukuku kple bometsitsi ŋu, ke meva dze sii be esiawo katã nye dagbadagba dzodzro ɖe yame ko;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite