Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 3:1 - Agbenya La

1 Ɣeyiɣi li na nu sia nu, eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ɣeyiɣi li na nusianu, eye azã li na lameɖoɖowo katã le dzi ƒoa te.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 3:1
12 Referans Kwoze  

Megblɔ na ɖokuinye be, “Ne azã la su ko la, Mawu ahe nu sia nu si ame aɖe wɔna, nyui kple vɔ̃ siaa ayi ʋɔnue.”


eye le ŋdi la, miegblɔna be, ‘Egbe ahom atu, elabena akpɔ̃ ɖo, eye yame biã.’ Mienya ale si miaɖe dziƒo ƒe nɔnɔme gɔme, gake mietea ŋu dzea si ɣeyiɣiwo ƒe dzesiwo o.


Kpɔ dzidzɔ le dzɔgbenyui ƒe ɣeyiɣiwo me, eye ne dzɔgbevɔ̃e tu wò la, dze sii be Mawue naa dzɔgbenyui kple dzɔgbevɔ̃e siaa, ale be ame sia ame nanya be kakaɖedzi mele naneke ŋu le agbe sia me o.


Elisa biae be, “Mènya be menɔ afi ma le gbɔgbɔ me hafi Naaman ɖi le eƒe tasiaɖam me hekpe wò oa? Ɣeyiɣi sia mee woaxɔ ga, awu, amitigblewo, waingblewo, alẽwo, nyitsuwo kple subɔlawoa?


Nyaŋuɖoɖo ɖe nunya me doa dzidzɔ na ame eye aleke nya si wogblɔ le egblɔɣi la mehenyoe o?


Ale le tamebubu geɖe megbe la, meɖo be matsɔ ahanono ado dzidzɔ na ɖokuinye, gake maganɔ nunya yome tim. Medi be malé bometsitsi ɖe asi goŋgoŋgoŋ va se ɖe esime madze si nu si anyo na amegbetɔwo be woawɔ le dziƒoa te le woƒe ŋkeke sue si me woanɔ agbe la.


Eya ta azɔ la, melé fu agbenɔnɔ blibo la, elabena susu aɖeke mele nu siwo wowɔna le ɣea te la dometɔ aɖeke me o, elabena wo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko.


Manase va nyɔ le eɖokui me mlɔeba eye wòbia kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ kple ɖokuibɔbɔ.


Medze agbagba be manya nu tso nu siwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu. Medze sii be dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke mele nu si Mawu ɖo na amegbetɔ be wòawɔ la me o.


Wu wò gotadɔwo nu eye nàdzra wò agble me ɖo, ema megbe la, tu wò xɔ.


Afi ma woado ɣli le be, ‘Egipte fia Farao nye ɣli ƒuƒlu dola; eƒe mɔnukpɔkpɔ to eta va yi.’ ”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite