Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 2:4 - Agbenya La

4 Mewɔ nu gãwo na ɖokuinye: metu xɔwo, mede waingblewo,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Mewɔ dɔ klitsuwo: metu xɔwo, mede weingblewo,

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 2:4
17 Referans Kwoze  

egblɔ be, “Ɖe menye esiae nye Babilonia gã si metu abe nye fia la ƒe nɔƒe to nye ŋusẽ triakɔ kple nye fianyenye ƒe ŋutikɔkɔe me ene oa?”


Azɔ mele ha dzi ge na nye lɔlɔ̃tɔ tso eƒe waingble ŋuti. Waingble aɖe le nye lɔlɔ̃tɔ si le togbɛ si nyoa nuku la dzi.


Na míafɔ kaba ayi waingblewo me, akpɔe ɖa be wainkawo te tsetse, woƒe seƒoƒowo ke, eye gbotiwo hã le tsetsem mahã; le afi ma matsɔ nye lɔlɔ̃ na wò.


Nye lɔlɔ̃tɔ le nam abe henaseƒoƒo si wogbe hebla tso En Gedi waingble me ene.


Togbɔ be anyigbawo le wo si woŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi hã la, woƒe yɔdowo anye woƒe aƒe tegbee, eye woanye woƒe nɔƒe tso dzidzime yi dzidzime.


Etu mɔwo ɖe Negeb hã eye wòɖe vudo geɖewo elabena lãha geɖewo nɔ esi le balimewo kple gbadzaƒewo. Agbledede doa dzidzɔ nɛ ale agble kple waingble geɖewo nɔ esi, le toawo ŋu kple balime afi si nukuwo nyona le nyuie.


Solomo kplɔ srɔ̃a si nye Fia Farao ƒe vinyɔnu la dzoe tso Yerusalem ƒe akpa si woyɔna be David ƒe Du la me yi fiasã yeye si wotu nɛ la me elabena egblɔ be, “Mele be srɔ̃nye nanɔ Fia David ƒe fiasã me o elabena Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma kpɔ eye wònye teƒe kɔkɔe.”


Simei, tso Ramat kpɔ fia la ƒe waingblewo dzi eye Zabdi, Sifmitɔ kpɔa eƒe wainfiafia kple edzadzraɖo dzi.


“Na míagbugbɔ míaƒe dedinɔnɔ ƒe nubabla si nɔ fofowò kple fofonye dome la awɔ yeyee. Kpɔ ɖa, xɔ klosalo kple sika sia ale be nàtu nubabla si le wò kple Israel fia, Baasa dome ale be wòadzudzɔ aʋawɔwɔ kplim.”


Esi fia Solomo wu gbedoxɔ la kple fiasã la kple xɔ bubu siwo wòɖo be yeatu nu la,


Absalom tu ŋkuɖodzikpe aɖe na eɖokui le eƒe agbenɔɣi ɖe Fia ƒe Balime elabena egblɔ be, “Viŋutsu aɖeke mele asinye si ana nye ŋkɔ natsi anyi o.” Ena ŋkɔe be “Absalom ƒe Ŋkuɖodzikpe.” Wogayɔnɛ nenema egbegbe.


Woyi edzi gblɔ be, “Miva, mina míatso du na mía ɖokui, eye míawɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔ aɖe wòayi aɖatɔ dziƒo, be míaƒe ŋkɔ nade du ne míagakaka ɖe anyigba katã dzi o.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite