Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 12:2 - Agbenya La

2 Ɖo ŋku wò Wɔla dzi hafi ɣe, kekeli, ɣleti kple ɣletiviwo nado viviti, eye lilikpowo natrɔ agbɔ le tsidzadza megbe,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 hafi ne ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo naɖo viviti, eye alilikpo nagatrɔ ava le tsidzadza megbe;

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 12:2
15 Referans Kwoze  

Gbe ma gbe la, woaɖe gbe ɖe edzi abe atsiaƒu ene. Ne ame aɖe nye kɔ kpɔ anyigba la, viviti kple hiã ko wòakpɔ, eye lilikpowo gɔ̃ hã ana kekeli nado viviti.


Esi ame dɔdɔ la gblɔ nya si dzɔ ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la dzi ko la, Eli mu le eƒe zikpui dzi, dze anyi ɖe megbe le eƒe agbo la nu. Etɔ kɔ anyi eye wòku elabena etsi eye wònye ame lolo hã. Edrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe blaene hafi ku.


Azɔ Eli xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-enyi eye eƒe ŋkuwo megale nu kpɔm nyuie o.


O! Mawu, tsiwo kpɔ wò, tsiwo kpɔ wò, eye woŋe, gogloƒewo ke hã dzo nyanyanya.


Togbɔ be èna mekpɔ xaxa geɖe kple vevesese hã la, àgaɖo nye agbe te, eye àva kplɔm ado goe tso anyigba ƒe tume ke.


Tɔ goglo yɔa tɔ goglo le wò tsitsetsewo ƒe howɔwɔ me; wò tsitsotsoewo kple tsi kpakawo ŋe tsyiɔ dzinye.


Fifia, Eli zu amegãɖeɖi eye eƒe ŋkuwo megakpɔa nu tututu o. Emlɔ eƒe xɔ me le zã me gbe ɖeka eye


Israel ƒe tsitsi na eƒe ŋkuwo tsi afã kple afã, eye megatea ŋu kpɔa nu tututu o. Ale Yosef kplɔ viawo te ɖe eŋu kpokploe. Egbugbɔ nu na wo, eye wòkpla asi kɔ na wo.


Esi Isak tsi ku amegã belibeli, eye megate ŋu nɔ nu kpɔm tututu o la, eyɔ via tsitsitɔ Esau gbe ɖeka. Eyɔe be, “Vinye.” Esau tɔ be, “Nyee nye esi.”


“Le xaxaŋkeke mawo megbe teti ko la, “ ‘Ɣe ado viviti, eye ɣleti hã magaɖi o, ɣletiviwo age tso dziƒo, eye ŋusẽ siwo le dziƒo la aʋuʋu.’


Míaƒe agbemeŋkekewo le ƒe blaadre, alo blaenyi, gake ne ŋusẽ gale mía ŋutie nye ema, elabena woƒe didi nye fuɖename kple aɖukliɖuɖu; wo nu va yi kaba, eye míedzo.


Ɣletivi hamehame siwo le dziŋgɔli ŋu la magaklẽ o, ne ɣe dze la, ado viviti, eye dzinu magaɖi o.


Ɣe kple ɣleti ado viviti eye ɣletiviwo magaklẽ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite