Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 11:10 - Agbenya La

10 eya ta ɖe nuxaxa ɖa le wò dzime, eye nàte nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa xaa tso wò ŋutilã gbɔ, elabena ɖekapuimenɔnɔ kple ŋutsumeɖoɖo hã nye tofloko ko.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ɖe dziku da le wò dzi ŋu, eye vɔ̃ neƒo asa na wò ŋutilã; elabena ɖekakpui me nɔnɔ kple ŋutsu me nónɔ toflokowoe.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 11:10
14 Referans Kwoze  

Ke azɔ nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, esi Mawu do ŋugbe gã siawo na mí ta la, mina míadzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ, eye míate ɖa xaa tso nu siwo ƒoa ɖi míaƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ la gbɔ, eye míanɔ agbe kɔkɔewo to Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, alé eƒe nyawo me ɖe asi sesĩe.


Si le nu sia nu si naa nu vɔ̃ ƒe susu si ɖea fu na ɖekakpuiwo enuenu, eye wògena ɖe mewò la nu, ke nàlé fɔ ɖe nu sia nu si nyɔa didi le mewò be nàwɔ nu nyui la ŋu. Xɔse kple lɔlɔ̃ kpakple ŋutifafa nanɔ mewò, eye nàna hadede kple ame siwo yɔa Aƒetɔ la, eye woƒe dzi me kɔ la, nado dzidzɔ na wò.


Ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ŋkeke vɔ̃wo nava eye ƒe siwo me màgakpɔ dzidzɔ le agbeɖuɖu ŋu le o la nagogo.


Mekpɔ dɔ siwo katã wowɔna le ɣea te eye kpɔ ɖa, esiawo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko.


Le nye nugɔmesese nu la, viɖe aɖeke mele naneke ŋu o; nu sia nu nye tofloko ko.


Èwɔ nye ŋkekewo wole abe asi ƒe kekeme ko ene, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe le abe ƒuƒu ko ene. Sela


Ɖekakpuimeŋusẽ dzodzoe si yɔ eƒe ƒuwo me la aku kplii ayi ke me.


Elabena èŋlɔ nu vɔ̃ɖiwo ɖi ɖe ŋunye eye nèna nye ɖekakpuimenu vɔ̃wo va dzinye.


O! Yehowa, mègaɖo ŋku nye ɖekakpuimenu vɔ̃wo kple nye aglãdzemɔwo dzi o; ke boŋ ɖo ŋku dzinye le wò lɔlɔ̃ la ta, elabena nyuiwɔwɔ le mewò.


Wobla bometsitsi ɖe ɖevi ƒe dzi ŋu, ke ɖɔɖɔɖo ƒe ameƒoti ana wòate ɖa xaa tso egbɔ.


Gake abe ale si gbetedzi mate ŋu adzi vi wòanye amegbetɔ o ene la, nenema kee womate ŋu awɔ bometsila hã wòazu nunyala o.


“Amegbetɔ le yiyim, le gbɔgbɔm, ke vɔvɔli ko wònye. Ele agbagba dzem, gake wo katã nye nu dzodzro Eli kɔ kesinɔnuwo gleglegle, gake menya ame si ƒe asi me woayi ɖo o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite