Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 10:5 - Agbenya La

5 Megade dzesi nu vɔ̃ɖi aɖe tso fiawo kple dziɖulawo ŋu esi melé ŋku ɖe nuwo ƒe yiyi me le xexea me ŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Mekpɔ nu vɔ̃ɖia ɖe le ɣea te, esɔ kple dziɖula ƒe ɖaɖaƒu

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 10:5
10 Referans Kwoze  

Mekpɔ nu vɔ̃ɖi gã aɖe le ɣea te: eyae nye kesinɔnu si woli kɔe da ɖi wòva zu nuveviwɔame na nutɔ


Esiae nye nu vɔ̃ɖi si le nu sia nu si dzɔna le ɣea te la ŋu: nu ɖeka ma koe dzɔna ɖe amewo katã dzi. Gawu la, amewo ƒe dziwo yɔ fũu kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple tsukuku le woƒe dziwo me esime wole agbe eye emegbe la, woyia kukuawo dome.


Ke meganya nu tso nya sesẽ aɖe ŋu le afi sia afi.


Megalé ŋku ɖe movidzɔdzɔ tɔgbi aɖe si le xexea me godoo la hã ŋu.


Emegbe la, melé ŋku ɖe ameteteɖeanyi siwo katã le xexea me la ŋu. Mekpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo; kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na wo o, le esime kpeɖeŋutɔ siwo nye ŋusẽtɔwo la le ameteɖeanyilawo ƒe akpa dzi.


Hekpe ɖe esia ŋu la, mede dzesii be, le anyigba blibo la dzi la, dzɔdzɔenyenye le bubum, nu vɔ̃ wɔwɔ le dzɔdzɔenyenyeteƒe xɔm eye zãnuxɔxɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒewo gɔ̃ hã.


Ne ame dzɔdzɔe ɖu dzi la, dzidzɔkpɔkpɔ teƒe mekɔna o, ke ne ame vɔ̃ɖi zu fia la, amewo sina bena.


Ne wò amegã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la, mègadzo le egbɔ o, elabena blewu tsia dɔmedzoe helĩhelĩ nu.


Mekpɔe be wona ŋusẽ gã bometsilawo hetsɔ wo ɖo amewo nu eye wometsɔ bubuteƒe na kesinɔtɔwo abe ale si dze ene o.


Agbe vivi nɔnɔ medze bometsila ʋuu keke wòahanye be kluvi ɖu aƒetɔ ɖe dumegãwo dzi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite