Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 10:14 - Agbenya La

14 Bometsila nyaa nu sia nu tso etsɔ si gbɔna la ŋu eye wòƒoa nu tso nu si wònya la ŋu tsitotsito! Ke ame ka tututu ate ŋu anya nu si le dzɔdzɔ ge?

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Bometsila ƒoa nu kpoloe; amegbetɔ menya nusi gbɔna dzɔdzɔ ge o, eye ameka agblɔ nusi ava dzɔ le emegbe la nɛ?

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 10:14
13 Referans Kwoze  

Nunyalawo ƒe aɖe ɖea gɔmesese fiana, gake bometsinyawo dona tso bometsila nu glẽglẽglẽ.


Esi ame aɖeke menya etsɔ me o ta la, ame ka ate ŋu agblɔ nya si ava dzɔ la nɛ?


Le míaƒe agbemeŋkeke ʋɛ siawo me la, ame ka ate ŋu agblɔ ale si ame nawɔ eƒe ŋkekewo ŋu dɔ nyuie? Ame ka ate ŋu anya nu si ava nye nyuitɔ le ŋgɔgbea ne amea nu va yi? Elabena ame kae nya etsɔ me?


Abe ale si hloloetsotso fũu akpa nana wokua drɔ̃e vɔ̃wo ene la, nenema kee bometsitsi nana woƒoa nukpoloe.


Eya ta mekpɔe be nu si nyo na amegbetɔ wu lae nye be wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔ me. Elabena eya tae wòle afi sia ɖo, eye ame aɖeke magate ŋu agbugbɔe va agbe sia me, wòakpɔ dzidzɔ le nu siwo ava va la ŋu o. Eya ta ele be wòakpɔ dzidzɔ le wo ŋu fifia.


Afi si nya geɖe le la, nu vɔ̃ megbea afi ma nɔnɔ o, ke ame si lé eƒe aɖe la, nunyalae.


Ale Hiob ke eƒe nu hegblɔ nya dzodzrowo eye wòlɔ nya siwo me gɔmesese aɖeke mele o la kɔ ɖi gleglegle.”


Etsɔ aglãdzedze kpe ɖe eƒe nu vɔ̃ ŋuti, esia akpe fewuɖutɔe le mía dome eye wòle nyawo gblɔm fũu ɖe Mawu ŋu.”


Kpɔ dzidzɔ le dzɔgbenyui ƒe ɣeyiɣiwo me, eye ne dzɔgbevɔ̃e tu wò la, dze sii be Mawue naa dzɔgbenyui kple dzɔgbevɔ̃e siaa, ale be ame sia ame nanya be kakaɖedzi mele naneke ŋu le agbe sia me o.


Megalé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie, eye mede dzesii be ame dzɔdzɔewo kple nunyalawo kple woƒe dɔwɔwɔwo katã le Mawu ƒe asi me. Ame aɖeke menya ne ave wo nu loo alo mave wo nu o. Esiawo katã le wo ŋgɔ.


Dɔ sue aɖe ko wɔwɔ nana ɖeɖi tea eŋu ale gbegbe be ŋusẽ meganɔa eŋu hena dua me yiyi o.


Mieƒo adegbe, tsi tsitre ɖe ŋunye, miegblɔ nya vɔ̃wo bababa ɖe ŋunye, eye mese wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite