Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 10:1 - Agbenya La

1 Nudzodzoe kukuwo ana amiʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ la ƒe atukpa blibo ɖeka gɔ̃ hã naʋẽ kũu! Ɛ̃, vodada sue aɖe ate ŋu agblẽ nunya geɖe kple bubu gã me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Nudzodzoe wuamewo nana amiɖala ƒe ami mina ku heƒaƒãna; bometsitsi ʋeea ɖe kpena wua nunya kple bubu.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 10:1
11 Referans Kwoze  

Alo menye srɔ̃ sia tɔgbiwo ɖeɖee na be Israel fia Solomo wɔ nu vɔ̃ oa? Le dukɔ geɖewo me la, fia aɖeke mede enu o. Mawu lɔ̃ eya amea, eye wòɖoe fiae ɖe Israel katã dzi, gake dzronyɔnuwo blee de nu vɔ̃ me.


nukpɔla Yehu, Hanani ƒe vi, do go yi ɖakpee eye wòbia fia la be, “Ɖe nàkpe ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋu eye nàlɔ̃ ame siwo lé fu Yehowa? Esia ta la, Yehowa ƒe dziku le dziwò.


Yehowa gblɔ na amiʋeʋĩwɔla xɔŋkɔwo be woatsɔ atike siawo awɔ amisisi kɔkɔe lae. Anye dzudzɔdonu kɔkɔe abe ale si amiʋeʋĩwɔla nyuitɔwo wɔnɛ ene.”


Ɖe wodae be wòado ŋɔdzi nam ne mawɔ nu vɔ̃ to nu sia wɔwɔ me, eye woaɖe vɔ̃e nam, aƒo ɖi nye ŋkɔ.


Vavã woakpe wu ke si katã le ƒuta, eya ta mewɔ nuku be nye nyawo mele ame ŋu dzem o.


Nunya nyo wu aʋawɔnuwo, ke nu vɔ̃ wɔla ɖeka ate ŋu agblẽ nu geɖe.


ne mia dometɔ aɖe tsɔ lã kɔkɔe aɖe xatsa ɖe eƒe awu me, eye wògblɔ be lã kɔkɔe sia ka abolo alo detsi, wain, ami alo nuɖuɖu bubu aɖe ŋuti la, ɖe wòwɔ nu siawo kɔkɔea?’ ” Nunɔlaawo ɖo eŋu be, “Ao.”


Hagai gabia be, “Ekema ne ame aɖe ka asi ame kuku ŋuti, eye wòzu ame makɔmakɔ, hafi wòka asi nuɖuɖu siawo ƒe ɖe ŋuti la, ɖe nu siawo hã zu nu makɔmakɔa?” Nunɔlaawo ɖo eŋu be, “Ɛ̃, wozu nu makɔmakɔwo.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite