Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 1:9 - Agbenya La

9 Nu siwo nɔ anyi va yi la, woawo ke koe agatrɔ ava eye nu siwo wowɔ kpɔ la, woawo ke ko woagawɔ. Nu yeye aɖeke mele ɣe la te o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Nusi nɔ anyi va yi la, eya kae gbɔna anyi nɔ ge, eye nusi dzɔ va yi la, eya kae gbɔba dzɔdzɔ ge; ale nu ye yea ɖeke mele ɣea te o.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 1:9
10 Referans Kwoze  

Nu sia nu si li fifia la, nɔ anyi tso keke gbe aɖe gbe ke eye nu sia nu si ava dzɔ la, dzɔ kpɔ va yi xoxo. Mawu gatrɔa nu si dzɔ kpɔ xoxo la vanɛ.


Dzɔgbesee ɖoa nu sia nu dana ɖi; woɖo nu sia nu si ame ava zu la da ɖi xoxo eya ta viɖe aɖeke mele nyahehe kple Mawu tso ale si wòwɔ wo la ŋu o.


Azɔ la, meɖo be malé ŋku ɖe nunya, tsukuku kple bometsitsi ŋu, elabena nu bubu ka ame si ava ɖe fia yome la ate ŋu awɔ? Nu si tututu wowɔ va yi la koe!


Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, elabena dziƒo gbãtɔ kple anyigba gbãtɔ nu va yi, eye atsiaƒu aɖeke hã megali o.


Mègatsi dzi ɖe “ŋkekenyui siwo va yi” la ŋu o elabena mènya ne wonyo wu egbeŋkeke siawo o!


O, va se ɖe ɣe ka ɣie nàtsa tsaglãla, wò vinyɔnu mawɔnuteƒe? Yehowa le nu yeye wɔ ge le anyigba dzi, nyɔnu aʋli ŋutsu ta.”


Gake aʋatsonyagblɔɖilawo nɔ ameawo dome abe ale si aʋatsonufialawo anɔ miawo hã domee ene. Woahe nu dada fiafiawo vɛ le adzame, woagbe nu gɔ̃ hã le Aƒetɔ ŋusẽkatãtɔ si ƒle wo la gbɔ, eye woahe gbegblẽ ava woawo ŋutɔ ɖokui dzi kaba.


Kpɔ ɖa, mele nu yeye wɔm! Edo mo ɖa xoxo, mèle ekpɔm oa? Mele mɔ tam ɖe gbedzi, eye mana tɔsisiwo nado ɖe kuɖiɖinyigba dzi.


Ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la gblɔ be, “Mele nuwo katã wɔm yeyee!” Tete wògblɔ be, “Ŋlɔ nu sia da ɖi, elabena nya siawo nye nya siwo dzi woaka ɖo, eye wonye nyateƒenyawo hã.”


Nane koŋ li si ŋu woate ŋu agblɔ le be, “Kpɔ ɖa, nu sia ya nye nu yeye” mahã? Enɔ anyi kpɔ le blema ke, do ŋgɔ na mí.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite