Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyagblɔla 1:16 - Agbenya La

16 Megblɔ le nye dzi me be, “Kpɔ ɖa, menya nu wu ame siwo katã ɖu fia le Yerusalem do ŋgɔ nam. Ɛ̃, nuteƒekpɔkpɔ, nunya kple gɔmesese yɔ nye dzi me fũu wu wo.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Megblɔ le nye dzi me be: Vavãe, nye asi tu nunya ga geɖewo wu amesiwo katã bɔ Yerusalem nu ɖo ŋgɔ num la, eye nye dzi kpɔ nunya kple gɔmesese fũ.

Gade chapit la Kopi




Nyagblɔla 1:16
20 Referans Kwoze  

Ale mexɔ ŋkɔ wu Fia bubu ɖe sia ɖe si nɔ Yerusalem kpɔ. Gawu la, meke ŋku ɖi be mate ŋu ade dzesi nu siawo katã ƒe asixɔxɔ.


Eƒe nunya de ŋgɔ wu nunyala gã siwo tso Ɣedzeƒe kple esiwo tso Egipte la tɔwo.


Nyemexɔe se o va se ɖe esime meva ɖo afi sia. Ke azɔ la, nye ŋutɔ mekpɔ wo katã na ɖokuinye! Kpɔ ɖa, womegblɔ ale si tututu nuwo le la ƒe afã gɔ̃ hã nam o! Wò nunya kple kesinɔtɔnyenye ƒo nu siwo katã mese kpɔ la ta!


Ke nuɖuɖu sesẽ nye ame tsitsiwo tɔ, ame siwo to eŋudɔwɔwɔ atraɖii me he wo ɖokuiwo be woate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.


Migawɔ nu vɔ̃ ne dzi ku mi o; ne miele miaƒe abawo dzi la, midzro miaƒe dziwo me, eye mizi ɖoɖoe. Sela


Hiram gagblɔ be, “Woayra Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ame si wɔ dziƒo kple anyigba, ame si tsɔ viŋutsu si wòna nunya kple gɔmesesee la na Fia David be wòatu Mawu ƒe gbedoxɔ kple fiasã na eɖokui.


egblɔ be, “Ɖe menye esiae nye Babilonia gã si metu abe nye fia la ƒe nɔƒe to nye ŋusẽ triakɔ kple nye fianyenye ƒe ŋutikɔkɔe me ene oa?”


Ame si gblɔ be, ‘Matu fiasã gã aɖe na ɖokuinye eye dziƒoxɔwo me akeke nyuie.’ Ale wòɖe fesre gãwo ɖe eŋuti eye wòtsɔ sedaʋuƒowo fa ɖe xɔawo me, hetsɔ aŋɔ dzĩ si nɛ.


Tete meɖo ŋku ha siwo medzina le zã me la dzi. Nye dzi gbã, eye nye gbɔgbɔ bia be:


Ke Gehazi, Elisa ƒe subɔla Mawu ƒe ame, gblɔ na eɖokui be, “Mele be nye aƒetɔ nagbe nunanawo xɔxɔ eye wòaɖe asi le Naaman, Aramea ŋutsu sia ŋu wòadzo o. Mati eyome eye maxɔ nane le esi.”


Nye amewo atsɔ atiawo tso Lebanon towo dzi ava da ɖe domeƒu la nu. Woakpe wo ale be míada wo ɖe atsiaƒua dzi, woato ƒugo la ŋu ayi afi si nàhiã wo le. Ekema míakaka wo atsɔ wo na wò ɖekaɖekae. Fetu si nàxe lae nye be nàdi nuɖuɖu na nye amewo.”


Megblɔ na ɖokuinye be, “Enyo, kpɔ dzidzɔ eye nàɖu agbe azɔ, abe ale si nàte ŋui ene.” Ke mekpɔe be esia hã nye tofloko ko


Eya ta megblɔ le nye dzi me be ale si bometsila aku la, nenema tututue nye hã makue, eya ta viɖe kae le nunya ŋu nam? Medze sii azɔ be nunya gɔ̃ hã, toflokoe;


Megblɔ na ɖokuinye be, “Ne azã la su ko la, Mawu ahe nu sia nu si ame aɖe wɔna, nyui kple vɔ̃ siaa ayi ʋɔnue.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite