Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 9:6 - Agbenya La

6 Míeɖo to wò dɔla nyagblɔɖilawo, ame siwo ƒo nu le wò ŋkɔ me na míaƒe fiawo, dumegãwo kple mía fofowo kple anyigbadzitɔwo katã o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Míegbe toɖoɖo wò dɔla nyagblɔɖilawo, amesiwo ƒo nu le wò ŋkɔ me na míaƒe fiawo, míaƒe amegãwo, mía fofowo kple dukɔ hahoo la katã.

Gade chapit la Kopi




Daniel 9:6
29 Referans Kwoze  

Míeɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la o, eye míelé se siwo wòde na mí to eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo dzi la me ɖe asi o.


Míaƒe fiawo, dumegãwo, nunɔlawo kple mía tɔgbuiwo mewɔ wò sewo dzi o, eye womeɖo to wò nuxlɔ̃amenyawo o.


Tso mía fofowo ŋɔli ke va se ɖe fifia la, míaƒe nu vɔ̃wo kpe ŋutɔ. Le míaƒe nu vɔ̃wo ta la, wotsɔ yi he to na míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo kple míaƒe nunɔlawo, eye woɖe aboyo mí. Dutafiawo ha mí, eye wodo ŋukpe mí abe ale si wòle egbea ene.


Ame siwo le Yerusalem kple woƒe dumegãwo, esi womedze si ame sia kple nyagblɔɖilawo ƒe nya siwo woxlẽna le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me.


“O! Yerusalem, Yerusalem, wò du si me tɔwo wu nyagblɔɖilawo, eye woƒu kpe ame siwo Mawu ɖo ɖe wò. Medi zi geɖe be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklo ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋalawo te ene, gake wogbe, womena mɔm o.


“Míaɖo to nya si nègblɔ na mí le Yehowa ŋkɔ me la o!


Elabena womeɖo to nye nyawo o, nya siwo meɖo ɖe wo enuenu to nye dɔla nyagblɔɖilawo dzi. Ke mi aboyomewo hã mieɖo to o,” Yehowae gblɔe.


eye ne mieɖo to nye dɔla nyagblɔɖila siwo meɖo ɖe mi enuenu (ame siwo miedo tokui va yi la ƒe nyawo o la),


Yehowa be, ‘Esi mienɔ nu siawo katã wɔm la, meƒo nu na mi zi geɖe gake miesee o, meyɔ mi gake mietɔ o.


“Eya ta, azɔ la, Oo, Mawu gã, si ŋu ŋɔdzi le, wò ame si wɔa wò lɔlɔ̃ kple amenuveve ƒe ŋugbedodo dzi la, mègana fukpekpe siwo katã va mía dzi la, naɖi nu tsɛ aɖeke le wò ŋkume o. Fukpekpe geɖewo va míawo ŋutɔ, míaƒe fiawo, fiaviwo, nyagblɔɖilawo kple tɔgbuiwo dzi ɣeyiɣi si Asiria fia ɖu mía dzi zi gbãtɔ va se ɖe egbe.


Manase kple eƒe amewo meɖo to Yehowa ƒe nyagbegbe na wo o


Eva eme alea elabena Israelviwo gbe toɖoɖo Yehowa, woƒe Mawu la eye womewɔ nu si wòdi be woawɔ la o, ke boŋ woda le eƒe nubabla la dzi eye wogbe se siwo katã Mose, Yehowa ƒe dɔla de na wo la dzi wɔwɔ.


Aƒetɔ, mía Mawu la kpɔa nublanui eye wòtsɔa nu vɔ̃ kena togbɔ be míedze aglã ɖe eŋu hã.


Ègbɔ dzi ɖi na wo ƒe geɖewo, eye to wò Gbɔgbɔ dzi la, èna nyagblɔɖilawo ƒo nu na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, ke womeɖo to wo o. Ale nègana dukɔ siwo subɔa trɔ̃wo la gaɖu wo dzi.


Gake womeɖo to alo see nam gɔ̃ hã o, ke boŋ wowɔ nu dzeaglã siwo woƒe dzi vɔ̃ɖiwo gblɔ na wo. Wote gbugbɔɖemegbezɔzɔ, eye womezɔ yi ŋgɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite