Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 8:9 - Agbenya La

9 Dzo bubu to tso dzoawo dometɔ ɖeka me. Dzo sia nɔ sue gake eva tsi le ŋusẽ me yi ɖe dziehe godo, va ɣedzeƒe, do ɖe Anyigba Nyui la gbɔ ke.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Dzo suea ɖe to tso wo dometɔ ɖeka me, eye wòlolo ŋutɔ ɖo la dziehe kple ɣedzeƒe gome kpakple anyigba nyo la gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Daniel 8:9
12 Referans Kwoze  

Anyigbemeʋakɔwo awɔ nu si adze wo ŋu, ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe wo ŋu o. Ava ɖo eƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Anyigba Nyui la dzi eye ŋusẽ anɔ esi be wòagblẽ nu.


“Esi menɔ dzoawo ŋu bum la, dzo bubu aɖe do ɖe nye ŋkume; dzo sue aɖe koe wònye do ɖe wo dome eye wòho dzo etɔ̃ le dzo gbãtɔwo dome le eŋgɔ. Ŋkuwo nɔ dzo sia ŋu abe amegbetɔ ƒe ŋkuwo ene eye nu si ƒoa nu adegbeƒotɔe hã nɔ eŋu.


Kpe ɖe esia ŋu la, mekɔ nye asi dzi heka atam na wo le gbea dzi be nyemakplɔ wo ayi anyigba si mena wo, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, anyigba si nya kpɔna wu bubuawo katã la dzi o;


Gbe ma gbe la, meka atam na wo be makplɔ wo ado goe le Egipte ayi anyigba aɖe si medi da ɖi na wo la dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi tsana le. Anyigba sia nyo wu bubuawo katã.


Zion to la kɔkɔ henya kpɔ ale gbegbe, eye wònye dzudzɔdonu na anyigba blibo la. Fia gã la ƒe du, si le abe Zafon to kɔkɔe la ene.


‘Mekaka wo kple yali ɖe dukɔwo katã dome, afi si wozu amedzrowo le. Woƒe anyigba si wogblẽ ɖe megbea la zu aƒedo, afi si ame aɖeke mate ŋu ayi o. Aleae wowɔ anyigba nyui la wòzu gbegbe nye esi.’ ”


“Ame ɖigbɔ̃ aɖe ava ɖu fia ɖe eteƒe, ame si womatsɔ fianyenye ƒe bubu na o. Ke ne ameawo nɔ anyi le dedinɔnɔ me bɔkɔɔ la, ava ƒo ɖe wo dzi le vo me le fiaɖuƒe la me eye wòaxɔe to ayemɔ dzi.


Yehowa be, “Nye ŋutɔe gblɔ be, “ ‘Matsɔ dzidzɔ alé be na mi abe viŋutsuwo ene eye matsɔ anyigba nyui aɖe ana mi, domenyinu nyuitɔ kekeake si dukɔ aɖe ate ŋu akpɔ.’ Mebu be miayɔm be, ‘Fofonye’ eye miatrɔ le yonyeme o.


Yehowa na eƒe dukɔ la dzi ɖe edzi, eye wòna wosɔ gbɔ fũu akpa na woƒe futɔwo,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite