Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 8:25 - Agbenya La

25 Ana beble nakpɔ dzidzedze eye wòabu eɖokui gã wu ale si wòle. Ne amewo bu be yewole dedie la, awu wo dometɔ geɖewo eye wòatsi tsitre ɖe fiawo dzi Fia la ŋu. Ke woatsrɔ̃e gake menye to amegbetɔ ƒe ŋusẽ me o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eƒe asi ana alakpadada nadze edzi nɛ le eƒe ayedzedze ta, aɖo eɖokui ɖe dzi le dzi me, eye wòatsrɔ̃ ame geɖewo le vo me; aɖo eɖo kui ɖe dzi ɖe aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ la ŋu, ke woagbãe gudugudu, ame ƒe asi manɔmee.

Gade chapit la Kopi




Daniel 8:25
21 Referans Kwoze  

Edo eɖokui ɖe dzi ɖe aʋakɔwo ƒe Fia la ŋu eye wòxɔ gbe sia gbe ƒe vɔsalã le esi hegbã eƒe nɔƒe kɔkɔe la.


Woawɔ aʋa kple Alẽvi la, gake Alẽvi la aɖu wo dzi, elabena eyae nye aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ kple fiawo ƒe Fia la, eye eƒe ame tiatiawo, ame siwo wòyɔ kple ame siwo dze eyome le anukware me la anɔ egbɔ.”


Wokuna kpata le zãtitina, ameawo ʋuʋuna eye wo nu va yina ale woɖea kalẽtɔwo ɖa amegbetɔ ƒe asi manɔmee.


Atu eƒe fiagbadɔ ɖe atsiaƒu kple to kɔkɔe nyui la dome. Ke hã la, eƒe nuwuwu aɖo eye ame aɖeke maxɔ nɛ o.”


“ ‘Ke ʋɔnu la aɖi anyi, woaxɔ eƒe ŋusẽ le esi eye woagbãe gudugudu tegbetegbe.


“Esi menɔ dzoawo ŋu bum la, dzo bubu aɖe do ɖe nye ŋkume; dzo sue aɖe koe wònye do ɖe wo dome eye wòho dzo etɔ̃ le dzo gbãtɔwo dome le eŋgɔ. Ŋkuwo nɔ dzo sia ŋu abe amegbetɔ ƒe ŋkuwo ene eye nu si ƒoa nu adegbeƒotɔe hã nɔ eŋu.


Nye amewo ƒe tohehe lolo wu Sodom tɔ, du si wogbã ƒu anyi le aɖabaƒoƒo ɖeka me eye asi aɖeke meli akpe ɖe eŋu o.


“Mina aha Moab wòano amu, aƒo dablibɛ le xe si wòɖe la me, eye wòazu alɔmeɖenu, elabena edo toku Yehowa ƒe gbe.


Enumake, mawudɔla aɖe ƒo Herodes ƒu anyi, elabena metsɔ kafukafu na Mawu o. Ŋɔviwo ɖui, eye wòku.


Woŋlɔ ŋkɔ sia ɖe eƒe awu ʋlaya kple eƒe ata ŋu be, Fiawo ƒe Fia kple Aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ.


Migana woatɔtɔ miaƒe susuwo, eye woable mi o; migaxɔ nu sia nu si wogblɔ la dzi se o, elabena ŋkeke ma mava o, va se ɖe esime aglãdzedze ava eye woaɖe ame sedzimawɔla la ɖe go, ame si woɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃.


Ekema ŋutsu vɔ̃ɖi sia ava do, eye Aƒetɔ Yesu atsɔ eƒe ya si wògbɔna to eƒe nu me la afiae, eye ne etrɔ va la, atsrɔ̃ ŋutsu sia ɖa le anyigba dzi.


“Nya nu sia eye nàse egɔme. Tso sedede sia be woagbugbɔ Yerusalem atu dzi va se ɖe esime Amesiamina la, dziɖula la nava la, anye kɔsiɖa adre eye woagbugbɔe atu kple mɔtatawo kple tsisitoƒewo gake woawɔe le xaxaɣi.


Dziehefia ayɔ fũu kple dada nenye be woɖe aboyo Anyiehefia ƒe aʋakɔwo eye woawu ame akpewo gake maɖu dzi ɖaa o,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite