Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 7:6 - Agbenya La

6 “Le esia megbe la, mekpɔ lã bubu wònɔ nye ŋkume. Lã sia ɖi lãkle. Aʋala ene nɔ dzime nɛ abe xevi ƒe aʋalawo ene. Lã la to ta ene eye wona ŋusẽe be wòaɖu fia.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eyome meɖo ŋku anyi hekpɔ lã bubu wòɖi lãkle, eye wòto aʋala ene ɖe mẽdome abe xevi ene; lã la to ta ene, eye wona ŋusẽe.

Gade chapit la Kopi




Daniel 7:6
10 Referans Kwoze  

Lã wɔadã si mekpɔ la ɖi lãkle, gake eƒe afɔwo nɔ abe sisiblisi tɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata tɔ ene. Ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋusẽ, fiazikpui kple dziɖuɖuŋusẽ na lã wɔadã la.


eya ta mava dze mia dzi abe dzata ene, made xa ɖe mɔ to na mi abe lãklẽ ene.


Ale wògblɔ nam be, “Ènya nu si ta meva gbɔwò ɖoa? Esusɔ vie matrɔ aɖawɔ avu kple Persia ƒe dziɖula eye ne medzo la, Grik ƒe dziɖula ava,


“Gbãtɔ le abe dzata ene eye wòto hɔ̃ ƒe aʋala. Melé ŋku ɖe eŋu va se ɖe esime wotu aʋala la ɖa le eŋu, wokɔe tso anyigba, ale be wòtsi tsitre ɖe afɔ eve dzi abe amegbetɔ ene eye wotsɔ amegbetɔ ƒe dzi nɛ.


“Fiaɖuƒe bubu aɖe, si made tɔwò nu o la, ava ɖe tɔwò yome. Emegbe la, fiaɖuƒe etɔ̃lia si nye akɔblitɔ la aɖu anyigba katã dzi.


Gblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. Hɔ̃ lolo aɖe si ŋu aʋala sesẽ siwo ŋu fu didiwo le, eye wòto fu amadede vovovowo la, va Lebanon. Esi wòdze ɖe sedati aɖe tame la,


“Lã evelia si ɖi sisiblisi la nɔ tsitre ɖe nye ŋkume. Wofɔ eƒe akpa ɖeka ɖe dzi eye agbaƒuti etɔ̃ nɔ eƒe nu me le eƒe aɖuwo dome. Wogblɔ nɛ be, ‘Tso eye nàɖu lã wòasu wò!’


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite