Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 5:22 - Agbenya La

22 “Ke wò fia, O Belsazar, mèbɔbɔ ɖokuiwo o togbɔ be ènya fofowò ƒe ŋutinyawo katã hafi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke wò, via Belsazar, mèbɔbɔ wò dzi ɖe anyi o, evɔ wònye ènya nusiawo katã hafi.

Gade chapit la Kopi




Daniel 5:22
17 Referans Kwoze  

ke eya metrɔ dzime abe fofoa ene o, ke boŋ Amon yi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi.


Ale Mose kple Aron wogayi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ be, “Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la le biabiam be, ‘Zi neni nàgbe toɖoɖom? Ɖe asi le nye amewo ŋu ale be woate ŋu ayi aɖasubɔm.


eya ta ne ame aɖe nya nu nyui si wòle be wòawɔ, gake mewɔe o la, ewɔ nu vɔ̃.


Zedekia nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume elabena egbe, mezɔ ɖe Nyagblɔɖila Yeremia ƒe nya si wòse tso Yehowa gbɔ hegblɔ nɛ la nu o.


Ke ena amenuveve geɖe mí. Esia ta mawunya gblɔ be, “Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu.”


Mienya esiawo, eya ta miwɔ nenema be woahe yayra geɖe vɛ na mi.


“Woahe to na dɔla ma vevie, elabena enya eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu be wòawɔ ɖe edzi, gake egbe mewɔe o.


elabena Yohanes Mawutsidetanamela gblɔe na mi be, midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, eye miaku ɖe Mawu ŋu, gake mieɖo toe o. Ke ame vɔ̃ɖiwo kple gbolowo ɖo toe, eye wodzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ. Ke nu si vɔ̃ɖi wu lae nye be, esi miekpɔ be ame siawo dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ hã la, metsɔ fu le lãme na mi gɔ̃ hã be miawo hã miadzudzɔ o, ke boŋ miesẽ dzi me goŋgoŋgoŋ.


elabena Yohanes he nya ɖe Herod ŋu be mele se nu be wòaxɔ nɔvia Filipo srɔ̃ aɖe o.


“O fia, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la na fianyenye, gãnyenye, ŋutikɔkɔe kple dzedzeme fofowò, Nebukadnezar.


Togbɔ be wovea ame vɔ̃ɖiwo nu hã la, womesrɔ̃a dzɔdzɔenyenye o; le dzɔdzɔenyenye ƒe anyigba dzi gɔ̃ hã la, wogale nu tovowo wɔwɔ dzi ko, eye womekpɔ Yehowa ƒe gãnyenye o.


Maƒo nu tso wò sewo ŋu le fiawo ŋkume, eye ŋu makpem o.


Mahe to na xexea me le eƒe nu tovowo wɔwɔ ta, eye maxe fe na ame vɔ̃ɖiwo le woƒe nu vɔ̃wo ta. Matsi dadalawo ƒe dada nu, eye mate ŋutasẽlawo ƒe ɖokuidodoɖedzi ɖe to.


Ègblɔ le wò dzi me be, “Malia nu ayi ɖe dziƒo. Mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo tame. Manɔ nye fiazikpui dzi le takpekpeto la dzi, le to kɔkɔe la tame ʋĩi ke.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite