Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 5:21 - Agbenya La

21 Enyae le amegbetɔwo dome eye wotsɔ gbemelã ƒe susu nɛ. Enɔ gbetedziwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, dziƒozãmu dza ɖe edzi eye wònya be Mawu, Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi eye wòtsɔa ame si dze eŋu la ɖoa wo nu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Wonyãe le amegbetɔwo dome, eye eƒe dzi zu abe la tɔ ene, enɔ gbetedziwo gbɔ, wona gbee wòɖu abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime wòdze sii be, Mawu dziƒoʋĩtɔ la kpo ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔnɛ na.

Gade chapit la Kopi




Daniel 5:21
15 Referans Kwoze  

Woanya wò ɖa le amewo dome eye nànɔ agbe abe lã wɔadãwo ene; àɖu gbe abe nyi ene eye dziƒozãmu adza ɖe dziwò. Ƒe adre ava yi va se ɖe esime nànyae be, Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi eye wòtsɔa wo naa ame si dzea eŋu.


Gbemetiwo katã anya be nye Yehowae bɔbɔ ati kɔkɔ la ɖe anyi, eye mena ati kpui la tsi hekɔ. Mena ati mumu la ku, eye ati kuku la dze.’ “Nye Aƒetɔ Yehowae ƒo nu, eye mawɔe ade goe.”


Wobua anyigbadzitɔwo katã be womele ɖeke me o. Ewɔa nu si dzea eŋu kple dziƒoŋunuwo kple anyigbadzitɔwo. Ame aɖeke mate ŋu ahe eƒe asi ɖe megbe loo alo abiae be, “Nu kae nye esi nèwɔ?”


“ ‘Dɔla kɔkɔewo ɖe gbeƒã nyametsotso sia ale be ame nɔagbewo nanya be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi eye wòtsɔa wo katã naa ame sia ame si wòlɔ̃ eye wòtsɔa ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la ɖoa wo nu.’


Ke azɔ la, nye Nebukadnezar, mekafu Dziƒo fia la, medoe ɖe dzi eye mede bubu eŋu elabena nu sia nu si wòwɔna la nɔa dzɔdzɔe eye eƒe mɔwo katã le eteƒe. Ame siwo zɔna dadatɔe la, etea ŋu bɔbɔa wo ɖe anyi.


“Ame kae na ablɔɖe gbetedzi? Ame kae tu kae?


Le ɣeyiɣi ma ƒe nuwuwu la, nye Nebukadnezar, mewu mo dzi, kpɔ dziƒo eye wogbugbɔ nye susu ɖo te nam. Tete mekafu Dziƒoʋĩtɔ la, mede bubu eŋu eye medoe ɖe dzi, eya ame si li tegbee. Seɖoƒe meli na eƒe dziɖuɖu o; eye eƒe fiaɖuƒe anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.


“O fia, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la na fianyenye, gãnyenye, ŋutikɔkɔe kple dzedzeme fofowò, Nebukadnezar.


Edo ɣli kple gbe sesẽ aɖe be, ‘Tso ati la ƒu anyi, lã eƒe ɖɔwo ɖa eye nàkaka eƒe kutsetsewo ahlẽ. Na gbemelãwo nasi le ete eye nàna dziƒoxeviwo nadzo adzo le eƒe alɔwo dzi.


wò ŋutɔ. O fia, wòe nye ati la! Èlolo eye nèsẽ ŋu, wò gãnyenye tsi va se ɖe esime wòtɔ dziŋgɔli eye wò fiaɖuƒe keke yi teƒe didiwo le anyigba dzi.


Gbe si wòɖe be nàgblẽ ati la ƒe takpo kple kewo ɖe tome la gɔmee nye, woagbugbɔ wò fiaduƒe ana wò ne ède dzesii be, Dziƒoʋĩtɔ lae le fia ɖum.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite