Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 4:4 - Agbenya La

4 Nye, Nebukadnezar, menɔ aƒe me le fiasã la me; meɖe dzi ɖi bɔkɔɔ eye nuwo dze edzi nam.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Tete dzotɔwo, bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple gbesalawo va, eye meli drɔ̃e la na wo, ke womeɖe egɔme nam o.

Gade chapit la Kopi




Daniel 4:4
13 Referans Kwoze  

Le ɣe ma ɣi me la, masi akaɖi adi ɖekematsɔlemetɔwo le Yerusalem ahe to na wo, ame siwo le abe wain ƒe aƒe ene, eye wogblɔ le woƒe dzi me be, ‘Yehowa mawɔ naneke mí, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.’


Gblɔ nɛ be, ‘Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Metso ɖe ŋuwò, Farao, Egipte fia, wò lã gã wɔadã le wò tɔsisiwo me. Egblɔna be, “Nil tɔsisi la nye tɔnye. Nyee wɔe na ɖokuinye.”


Wò dzi de asi dada me le wò nyonyo ta, eye nègblẽ wò nunya le wò atsyɔ̃ ta. Ale metsɔ wò ƒu gbe ɖe anyigba. Mena nèzu nukpɔkpɔ le fiawo ŋkume


“Moab li bɔkɔɔ tso eƒe ɖevime ke abe wain si ɖo ƒã ɖi kpoo eye wometrɔe tso go ɖeka me kɔ ɖe go bubu me o ene; esia nye be meyi aboyo me kpɔ o. Eya ta eƒe vivi gale eŋu eye eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ metrɔ o.


Ɖe sia ɖe doa ɣli be, “Miva, mina ne maku wain vɛ! Miva ne miano aha muame wòasu mi! Etsɔ hã nanɔ abe egbe ene alo nanyo sãa wu gɔ̃ hã.”


Tete Daniel, ame si woyɔna hã be Beltesazar la tɔtɔ ŋutɔ ɣeyiɣi aɖe eye eƒe susu do ŋɔdzi nɛ. Ale fia la gblɔ nɛ be, “Beltesazar, mègana drɔ̃e la kple eƒe gɔmeɖeɖe nado ŋɔdzi na wò o.” Beltesazar ɖo eŋu be, “Nye Aƒetɔ, ɖe drɔ̃e la aku ɖe wò futɔwo ŋu eye eƒe gɔmeɖeɖe alɔ ame siwo dia vɔ̃e na wò ɖe eme hafi!


Nu si fia la bia la sẽ akpa. Ame aɖeke mate ŋu aɖee afia fia la o, negbe mawuwo ko, gake womenɔa amewo dome o.”


Tete fia la ƒe nunyalawo katã va, ke womete ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔ la alo ɖe egɔme na fia la o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite