Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 3:5 - Agbenya La

5 ne mienya se lãdzowo, dzewo, gakasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi ko la, ele be miamlɔ anyi eye miade ta agu na sikalegba si Fia Nebukadnezar li.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ne miese kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo, venɔwo ƒe dzewo kpakple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, miadze klo ado gbe ɖa na sikalegba, si fia Nebukadnezar li anyi la!

Gade chapit la Kopi




Daniel 3:5
5 Referans Kwoze  

Azɔ la, ne miese lãdzokpẽwo, gakasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe kpẽwo kple hadzidzi ƒomevi ɖe sia ɖe ƒe ɖiɖi eye miele klalo be yeawoatsyɔ mo anyi ade ta agu na sikalegba si meli la, ekema anyo ŋutɔ gake ne miede ta agu nɛ o la, woada mi ɖe kpodzo bibi la me enumake. Ekema mawu ka ate ŋu aɖe mi tso nye asi me?”


Ède se, O fia, be ne ame sia ame se lãdzowo, dzewo, gakasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, ele nɛ be wòamlɔ anyi ade ta agu na sikalegba la


Eya ta ne amewo nya se lãdzowo, dzewo, gakasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi ko la, amewo katã, dukɔwo me tɔwo kple gbe ɖe sia ɖe gblɔlawo mlɔa anyi eye wodea ta agu na sikalegba si Fia Nebukadnezar li.


Tete Nebukadnezar tsyɔ mo anyi hede ta agu na Daniel eye wòɖe gbe be woasa vɔ eye woado dzudzɔ ʋeʋĩ na Daniel.


gake woawo ya ƒe legbawo nye klosalo kple sika, eye amegbetɔ ƒe asiwoe wɔ wo,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite