Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 3:3 - Agbenya La

3 Ale amegãwo, dziɖulawo, aɖaŋudelawo gadzikpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, sefialawo kple nutomedzikpɔlawo va ƒo ƒu hena legba si Fia Nebukadnezar li la ŋuti kɔkɔ teƒe kpɔkpɔ, eye wotsi tsitre ɖe eŋgɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Tete amegãwo, anyigba dzi nunɔlawo, aʋafiawo, ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe amegãwo, nudzikpɔlawo, sefialawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple anyigbawo ƒe dziɖuɖu dɔwɔlawo katã ƒo wo ɖokui nu ƒu, be woakɔ legba, si fia Nebukadnezar li anyi la ŋu, eye wotsi tre ɖe legba, si Nebukadnezar li anyi la ŋgɔ.

Gade chapit la Kopi




Daniel 3:3
11 Referans Kwoze  

elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me be woana eƒe tameɖoɖo nava eme ne woalɔ̃ atsɔ woƒe ŋusẽ ana lã la ne wòatsɔ aɖu dzii va se ɖe esime Mawu ƒe nyawo nava eme.


Taɖodzinu ɖeka le wo si, eye woatsɔ woƒe ŋusẽ kple dziɖuɖuŋusẽ ana lã la.


Ame aɖeke mese egɔme o; ame aɖeke medi Mawu o.


Esia megbe la, eyɔ amegãwo, anyigba la dzi ɖulawo, mɔmefiawo, gadzikpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, sefialawo kple nutomedzikpɔlawo be woava kpɔ legba si yeli la ŋuti kɔkɔ teƒe.


Tete gbeƒãɖela do ɣli sesĩe gblɔ be, “Nu si wode se be miawɔe nye esi: O amewo, dukɔwo kple gbe ɖe sia ɖe gblɔlawo,


eye amegãwo, anyigbadzinunɔlawo, aʋafiawo kple aɖaŋudelawo va ƒo xlã wo. Wokpɔ be dzo la mewɔ nuvevi aɖeke woƒe ŋutilã o, dzo la mefia woƒe taɖa ɖeka pɛ hã loo alo woƒe awuwo o. Gawu la, dzo la ƒe ʋeʋẽ menɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite