Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 3:27 - Agbenya La

27 eye amegãwo, anyigbadzinunɔlawo, aʋafiawo kple aɖaŋudelawo va ƒo xlã wo. Wokpɔ be dzo la mewɔ nuvevi aɖeke woƒe ŋutilã o, dzo la mefia woƒe taɖa ɖeka pɛ hã loo alo woƒe awuwo o. Gawu la, dzo la ƒe ʋeʋẽ menɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye amegãwo, anyigba dzi nunɔlawo, aʋafiawo kple fia ƒe adaŋudelawo ƒo wo ɖokui nu ƒu, eye wode ŋku ɖe ŋutsuawo hekpɔ be, dzo mewɔ naneke ŋuli na wo o, eye woƒe taɖa mefiã o, naneke mewɔ woƒe awuwo o, eye dzo meʋẽ le wo ŋu o.

Gade chapit la Kopi




Daniel 3:27
17 Referans Kwoze  

Ne èto tɔ me, mato eme kpli wò, ne èto tɔsisiwo me, mato wo me kpli wò be tɔsisi la malé wò o. Ne èto dzo me mame wò o, eye dzo ƒe aɖewo hã mafia wò o,


tsi dzo ƒe aɖewo nu, eye wosi le yi nu, ame siwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ trɔ zu ŋusẽ, wozu kalẽtɔwo le aʋa me, eye woɖu dzronyigbadziʋakɔwo dzi.


eya ta meɖe kuku na mi, miɖe dzi ɖi ne miaɖu nu, elabena naneke mele dzɔdzɔ ge ɖe mía dometɔ aɖeke dzi o.”


Miaƒe taɖa katã gɔ̃ hã ƒe xexlẽme le nyanya me na Mawu,


O! Yehowa, wò abɔ de dzi bobobo, gake womekpɔe o. Na woakpɔ ale si nètsɔ dzo ɖe wò amewo ŋuti ne ŋu nakpe wo; na be dzo si nèdzra ɖo ɖi na wò futɔwo la nava fia wo.


Na woanya be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ la ɖe anyigba blibo la dzi.


Ke azɔ, O! Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso eƒe asi me be fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la nanya be wò koe nye Yehowa.”


Ale ame siawo, ame siwo do awu ʋlayawo, tablanuwo kple awu bubuwo la, wobla wo eye wokɔ wo ƒu gbe ɖo ɖe kpodzo si xɔ dzo ŋutɔŋutɔ la me.


Fia Agripa ŋutɔ hã nya nu le nu siawo ŋu. Meka ɖe edzi be Fia Agripa se nya siawo katã kpɔ, elabena wonye nu siwo dzɔ le gaglãgbe, eye womele ɣaɣla ɖe ame aɖeke o.


Dɔdzikpɔlawo, tatɔwo, dziɖulawo, aɖaŋuɖolawo kple mɔmefiawo katã ɖoe be fia la nade se si ana be ame sia ame si ado gbe ɖa na mawu aɖe alo ame aɖe ŋkeke blaetɔ̃ siwo le mía ŋgɔ me eye menye na wò, O fia, o la, woalée ade dzatawo ƒe do me


Tete fia la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ eye wòɖe gbe be woaɖe Daniel le do la me. Esi woɖe Daniel le do la me la, womekpɔ abi aɖeke le eŋu o elabena eɖo ŋu ɖe eƒe Mawu ŋu.


Ekpɔ Mawu ƒe ame la ƒe kukua le mɔa dzi eye dzata la kple tedzi la nɔ tsitre ɖe egbɔ. Dzata la meɖu ame kuku la o eye melé tedzi la hã o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite