Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 3:25 - Agbenya La

25 Fia la gblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mekpɔ ame ene, wole tsa ɖim le dzo la me; womebla wo o, nuvevi aɖeke mewɔ wo hã o eye ame enelia ɖi mawuwo ƒe viŋutsuvi aɖe.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Exɔ edzi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mele ŋutsu ene kpɔm, ka tu le wo ŋu, eye wole tsatsam le dzoa me, eye womexɔ abi o; enelia ƒe nɔnɔme le abe mawuwo vi la ene.

Gade chapit la Kopi




Daniel 3:25
20 Referans Kwoze  

Ne èto tɔ me, mato eme kpli wò, ne èto tɔsisiwo me, mato wo me kpli wò be tɔsisi la malé wò o. Ne èto dzo me mame wò o, eye dzo ƒe aɖewo hã mafia wò o,


Ke Paulo ʋuʋu da la le alɔnu ɖe dzo bibi la me, eye naneke mewɔe o.


Woalé dawo kple woƒe asiwo, eye ne wono aɖi vɔ̃ɖi hã la, masi wo o. Woada woƒe asiwo ɖe dɔnɔwo dzi eye woƒe lãme asẽ.”


Gbe ɖeka la, dziƒodɔlawo va be woatsɔ wo ɖokui afia Yehowa, eye Satana hã nɔ wo dome.


Tete Nebukadnezar gblɔ be, “Woakafu Sadrak, Mesak kple Abednego ƒe Mawu, ame si ɖo eƒe mawudɔla ɖa eye wòɖe eƒe dɔlawo! Woxɔ edzi se eye wogbe fia la ƒe se dzi wɔwɔ, wolɔ̃ be yewoatsɔ yewoƒe agbewo ana wu be yewoasubɔ alo ade ta agu na mawu bubu negbe woawo ŋutɔ ƒe Mawu ko


Yehowa ƒe dɔlawo ƒua asaɖa anyi ƒoa xlã ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖea wo.


Ame kae awɔ nu vevi mi, ne mietsi dzi ɖe nu nyui wɔwɔ ŋu?


Ke ne maɖe mí o hã la, míedi be nànya, O fia, be míasubɔ wò mawuwo loo alo ade ta agu na sikalegba si nèli la o.”


esi ŋukeɣletiviwo le ha dzim ɖekae eye Mawudɔlawo katã do dzidzɔɣli?


To Via, Yesu Kristo, ƒe tsitretsitsi me la, Mawu fia be eyae nye Mawu ƒe Vi ŋusẽtɔ la, eye Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme kɔkɔe la le eme.


Mawudɔla la ɖo eŋu be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ayɔ mewò, eya ta ɖevi si nàdzi la anɔ Kɔkɔe, eye wòanye Mawu ƒe Vi.


Ame kae lia yi dziƒo gagbɔ kpɔ? Ame kae lɔ ya ɖe eƒe asiƒome? Ame kae bla tsiwo katã ɖe eƒe awu ʋlaya me? Ame kae ɖo anyigba ƒe mlɔenu ke anyi? Eŋkɔ ɖe, via ŋkɔ ɖe? Gblɔe nam, ne ènyae!


Mègavɔ̃ na wo o, elabena meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe.


Woawɔ avu kpli wò, gake womaɖu dziwò o, elabena meli kpli wò be maɖe wò.” Yehowae gblɔe.


Maxɔ wò le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, eye maɖe wò le ŋutasẽlawo ƒe fego me.” Yehowae gblɔe.


Tete Fia Nebukadnezar ƒe nu ku. Etso kpla eye wòbia eƒe aɖaŋudelawo be, “Menye ame etɔ̃e nɔ afi ma, ame siwo míebla tsɔ ƒu gbe do ɖe kpodzoa me oa?” Woɖo eŋu be, “Nenemae, O fia.”


Tete fia la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ eye wòɖe gbe be woaɖe Daniel le do la me. Esi woɖe Daniel le do la me la, womekpɔ abi aɖeke le eŋu o elabena eɖo ŋu ɖe eƒe Mawu ŋu.


Aɖe wò le dzɔgbevɔ̃e ade me eye le adrelia me la, vɔ̃ aɖeke mawɔ wò o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite