Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 3:21 - Agbenya La

21 Ale ame siawo, ame siwo do awu ʋlayawo, tablanuwo kple awu bubuwo la, wobla wo eye wokɔ wo ƒu gbe ɖo ɖe kpodzo si xɔ dzo ŋutɔŋutɔ la me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Tete ŋutsuawo bla wo, woƒe agbotɛwo, dziwuiwo kple awu ʋlayawo kpakple avɔwo le wo ŋu, wotsɔ ƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me.

Gade chapit la Kopi




Daniel 3:21
6 Referans Kwoze  

Le wo ta la, ame siwo katã yi aboyo me le Babilonia tso Yuda la awɔ fiƒodenya siawo ŋu dɔ, ‘Yehowa awɔ wò abe Zedekia kple Ahab ene, ame siwo Babilonia fia tɔ dzoe.’


Eɖe gbe na eƒe asrafo sesẽtɔwo le eƒe aʋakɔ me be woabla Sadrak, Mesak kple Abednego eye woada wo ɖe kpodzo la me.


eye amegãwo, anyigbadzinunɔlawo, aʋafiawo kple aɖaŋudelawo va ƒo xlã wo. Wokpɔ be dzo la mewɔ nuvevi aɖeke woƒe ŋutilã o, dzo la mefia woƒe taɖa ɖeka pɛ hã loo alo woƒe awuwo o. Gawu la, dzo la ƒe ʋeʋẽ menɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o.


Elé Yosef de gaxɔ me, afi si wodea ga fia Farao ƒe gaxɔmenɔlawo ɖo.


Ame sia ame si mamlɔ anyi eye wòade ta agu o la, woadae ɖe kpodzo bibi la me enumake.”


woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpodzo me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu geɖe anɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite