Ale woyi fia la gbɔ eye woƒo nu nɛ tso se si wòde la ŋuti. Wobiae be, “Ɖe mèŋlɔ sedede aɖe be le ŋkeke blaetɔ̃ siwo gbɔna me la, ame sia ame si ado gbe ɖa na mawu alo amegbetɔ aɖe si manye wò, fia o la, woalée ade dzatawo ƒe do me oa?” Fia la ɖo eŋu be, “Se la li eye le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe sewo nu la, womate ŋu atrɔe o.”