Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 2:5 - Agbenya La

5 Fia la ɖo eŋu na ɣletivimenunyalawo be, “Nu si meɖo ta me kplikpaa be mawɔe nye, ne mielĩ drɔ̃e la nam eye mieɖe egɔme nam o la, mana woafli mi kakɛkakɛ eye miaƒe aƒewo azu aɖukpo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Fia la ɖo ŋu na Kaldeatɔwo gblɔ bena. Tame, si meɖo, enye si: Ne mieli drɔ̃e le eye mieɖe egɔme nam o la, ekema woafli mi kakɛkakɛ, eye miaƒe aƒewo azu aɖukpo.

Gade chapit la Kopi




Daniel 2:5
10 Referans Kwoze  

eya ta mele se dem be dukɔ sia dukɔ me tɔ alo gbe aɖe gblɔla si agblɔ nya vɔ̃ aɖe ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego ƒe Mawu ŋu la, woaflii kakɛkakɛ eye woana eƒe aƒe nazu aɖukpo elabena mawu bubu aɖeke mate ŋu aɖe ame le mɔ sia nu o.”


Gawu la, mele se dem be ame si atrɔ sedede sia la, woaɖe ati le eƒe xɔ me, eye woatu ati la ɖe tome, aklãe ɖe eŋuti, eye le nu vɔ̃ sia ta la, woagbã eƒe aƒe wòazu aɖukpo.


Wogblẽ gbedoxɔ la eye wotrɔe wòzu afɔdzixɔ va se ɖe egbe.


“Bu esia ŋuti, wò ame si ŋlɔ Mawu be, ne menye nenema o la, mavuvu wò kakɛkakɛ, eye ame aɖeke maxɔ wò le asinye o.


Nu sia do dɔmedzoe na fia la ale gbegbe be wòɖe gbe be woawu Babilonia nunyalawo katã.


Wo nu neyi abe tsi si si va yi la ene. Ne wovu woƒe dawo me la, woƒe aŋutrɔwo nu netsi.


Ke Samuel gblɔ nɛ be, “Abe ale si wò yi wu ame geɖewo eye wo dadawo zu konɔwo ene la nenema kee dawò hã azu konɔ le nyɔnuwo dome.” Ale Samuel fli Agag kakɛkakɛe le Yehowa ŋkume le Gilgal.


Le esia megbe la, ele be miaƒo woƒe nuwo katã nu ƒu ɖe ablɔ ƒe titina, eye miatɔ dzo wo. Emegbe la, miatɔ dzo du blibo la abe numevɔsa na Yehowa miaƒe Mawu, mìaƒe Mawu la ene. Mina du ma teƒe natsi anyi nenema: migana woagbugbɔe atu o.


Ɣe ma ɣi la, Yosua ka atam vevi sia be, “Ame si agbugbɔ Yeriko du sia atso la, fiƒode sia ava edzi le Yehowa ŋkume. Atsɔ Via ŋutsu ŋgɔgbetɔ aɖo eƒe gɔmeɖokpewoe, eye wòatsɔ via ɖevitɔ ƒe agbe atsɔ ade agbowo du la nu.”


Megblɔ be, “Beltesazar, akunyawɔlawo ƒe fia, menya be mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le mewò eye nya ɣaɣla aɖeke mesesẽ akpa na wò o. Nye drɔ̃e lae nye esi, ɖe egɔme nam.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite