Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 2:39 - Agbenya La

39 “Fiaɖuƒe bubu aɖe, si made tɔwò nu o la, ava ɖe tɔwò yome. Emegbe la, fiaɖuƒe etɔ̃lia si nye akɔblitɔ la aɖu anyigba katã dzi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

39 Ke fiaɖuƒe bubu ava ɖe yowòme, si anɔ ʋee wu tɔwò; emegbe fiaɖuƒe etɔ̃lia ava, si nye akɔblitɔ, eye wòaɖu anyigba blibo la dzi.

Gade chapit la Kopi




Daniel 2:39
14 Referans Kwoze  

Wowɔ legba la ƒe ta kple sika nyuitɔ, wowɔ eƒe akɔta kple abɔwo kple klosalo, wowɔ eƒe ƒodo kple atawo kple akɔbli,


Ame si gblɔ le fia Sirus ŋu be, ‘Eyae nye nye alẽkplɔla, eye awɔ nu siwo katã dze ŋunye. Agblɔ le Yerusalem ŋu be, “Woagbugbɔe atu,” eye le gbedoxɔ la ŋu be, “Mina woaɖo eƒe gɔmeɖokpewo anyi.” ’


Ale wògblɔ nam be, “Ènya nu si ta meva gbɔwò ɖoa? Esusɔ vie matrɔ aɖawɔ avu kple Persia ƒe dziɖula eye ne medzo la, Grik ƒe dziɖula ava,


Agbo dzoevee si nèkpɔ la nye Media fia kple Persia fia.


Tasiaɖam si ŋuti sɔ yibɔwo le la aɖo ta dukɔ si le anyiehe, esi ŋuti sɔ ɣiwo le la ayi ɣetoɖoƒe, eye esi ŋuti wotsi sɔ ŋɔŋɔewo ɖo la ayi dziehe.”


Sɔ ɣiwo le tasiaɖam etɔ̃lia hem, eye sɔ ŋɔŋɔewo le tasiaɖam enelia hem kple ŋusẽ.


“Ena gɔmeɖeɖe siam. ‘Lã eneliae nye fiaɖuƒe enelia si ado ɖe anyigba dzi. Ato vovo tso fiaɖuƒe bubuawo katã gbɔ, aɖu anyigba blibo la dzi, atu afɔ edzi eye wòagbãe.


amegbetɔwo, gbemelãwo kple dziƒoxeviwo de asiwò me. Afi sia afi si wole la, Mawu na nènye wo katã dzi ɖula. Wòe nye ta ma si nye sika.


Le nuwuwu la, fiaɖuƒe enelia ava, si asẽ abe gayibɔ ene elabena gayibɔ gbãa nu sia nu eye abe ale si gayibɔ gbãa nu sia nu gudugudu ene la, nenemae wòagbã fiaɖuƒe bubuawoe.


Gbɔ̃tsu la nye Grik fia eye dzo titri si nɔ eƒe ŋkuwo dome lae nye fia gbãtɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite