Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 2:31 - Agbenya La

31 “Èɖo ŋku anyi, O fia eye nèkpɔ legba gã aɖe, elolo nɔ dzo dam eye eƒe dzedzeme dzi ŋɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Wò fia, éɖo ŋku anyi, eye nèkpɔ legba gãa ɖe; legba la lolo, eye eƒe dzodada teƒe mekɔ o, ele tsitrenu de ŋkuwò me, eye eƒe nɔnɔme dzi ŋɔ.

Gade chapit la Kopi




Daniel 2:31
11 Referans Kwoze  

Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le wo ŋu; wowɔa nu si dze woawo ŋutɔ ŋu; wodoa wo ɖokuiwo ɖe dzi.


makplɔ amedzrowo aƒu wò, dukɔ si me tɔwo mekpɔa nublanui na ame kura o. Woatsɔ woƒe yi ɖe wò nyonyo kple wò nunya ŋu, eye woagblẽ wò atsyɔ̃ gã la me.


Mahe to na xexea me le eƒe nu tovowo wɔwɔ ta, eye maxe fe na ame vɔ̃ɖiwo le woƒe nu vɔ̃wo ta. Matsi dadalawo ƒe dada nu, eye mate ŋutasẽlawo ƒe ɖokuidodoɖedzi ɖe to.


Abosam kplɔe yi teƒe kɔkɔ aɖee, eye wòɖe xexea me fiaɖuƒewo katã fiae le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me,


Esia megbe la, Abosam kplɔ Yesu yi to kɔkɔ aɖe ƒe tsyɔ̃eƒe ke, eye wòɖe xexea me fiaɖuƒewo katã kple woƒe atsyɔ̃nuwo fiae.


Fia Nebukadnezar wɔ sikalegba aɖe wòkɔ afɔ blaasiekɛ, eye wòkeke afɔ asiekɛ. Ekɔe da ɖe Dura gbegbe le Babilonianyigba dzi.


Le ɣe ma ɣi ke esi Mawu gbugbɔ nye susu ɖo te la, egbugbɔ nye bubu kple atsyɔ̃ hã nam hena nye fiaɖuƒe la ƒe bubu. Aɖaŋudelawo kple ametsitsiwo gbugbɔm ɖo nye fiazikpui dzi eye mexɔ ŋkɔ azɔ wu tsã gɔ̃ hã.


“Drɔ̃e lae nye si. Azɔ la míaɖe egɔme na fia la.


O fia, wòe nye fiawo dzi fia la. Mawu si le dziƒo la tsɔ dziɖuɖu kple ŋusẽ kpakple bubu,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite