Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 2:27 - Agbenya La

27 Daniel ɖo eŋu be, “Nunyala alo bokɔ, dzotɔ alo ɣletivimenunyala aɖeke mate ŋu aɖe nya ɣaɣla si gɔme nèbia be woaɖe na ye la gɔme o

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Daniel do ŋn na fia la gblɔ bena; Nya ɣaɣla, si dim fia le la, nunyalawo, hokɔnɔwo, dzotɔwo kple dzinuvi me nyalawo mate ŋu aɖe egɔme na fia la o.

Gade chapit la Kopi




Daniel 2:27
12 Referans Kwoze  

Ale fia la yɔ dzotɔwo, bokɔwo, gbesalawo kple ɣletivimenunyalawo ƒo ƒu be woalĩ drɔ̃e siwo yeku la na ye. Esi wova tsi tsitre ɖe eŋkume la,


Nyee gblẽa alakpanyagblɔɖilawo ƒe dzesiwo me, eye medoa abunɛ bokɔwo ƒe nukakawo, ame si ɖea nunyalawo le zi dzi, eye wòtrɔa woƒe nunya wòzua bometsitsi.


Dzi aɖe le Egiptetɔwo ƒo, eye matɔtɔ woƒe ɖoɖowo. Woayi aɖabia nu le legbawo, ŋɔligbɔgbɔwo, ŋɔliyɔlawo kple afakalawo gbɔ.


Woɖo eŋu be, “Mí ame evea míeku drɔ̃e le zã si va yi la me, ke ame aɖeke mele afi sia aɖe drɔ̃eawo gɔme na mí o.” Yosef gblɔ na wo be, “Mawue ɖea drɔ̃e gɔme; ke milĩ drɔ̃eawo nam kpɔ.”


Esi ŋu ke, eye wòbu drɔ̃eawo ŋu la, etsi dzimaɖi ŋutɔ le nu si drɔ̃eawo ate ŋu aɖe afia la ŋu. Eyɔ afakalawo kple nunyalawo katã le Egiptenyigba dzi ƒo ƒu, eye wòlĩ drɔ̃eawo na wo, ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe wo gɔme o.


Ame kae li si agbe wò bubu, O dukɔwo ƒe Fia? Elabena esiae nye tɔwò gome. Nunyala siwo le dukɔwo kple fiaɖuƒewo me la ƒe ɖeke mele abe wò ene o.


Le nunya kple gɔmesese ƒe nya ɖe sia ɖe gome, esi ŋu fia la abia nya wo le la, ekpɔna be wonyo zi ewo wu yeƒe fiaɖuƒea me tɔwo ƒe akunyawɔlawo kple bokɔwo katã.


Esime akunyawɔlawo, dzosalawo, ɣletivimenunyalawo kple bokɔwo va la, melĩ drɔ̃e la na wo, ke womete ŋu ɖe egɔme nam o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite