Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 11:6 - Agbenya La

6 Le ƒe aɖewo megbe la, woanyi dzo. Dziehefia ƒe vinyɔnu ayi ɖe Anyiehefia gbɔ be yeado ka kplii gake ŋusẽ avɔ le esi eye fia la ŋutɔ kple eƒe ŋusẽ hã nu atso. Le ŋkeke mawo me la, woakplɔ fiavinyɔnu la, eŋumewo, fofoa kple eƒe dzoɖuxɔlɔ̃wo katã ade asi.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Le ƒea ɖewo megbe la woaɖu dzo kple wo nɔewo, eye dziehefia ƒe vinyɔnu ayi anyiebefia gbɔ, ne wòaɖe ŋutifafa aƒe; ke ŋusẽ manɔ eƒe alɔ ŋu o, eye eya kple eƒe alɔ mali ke o, ke boŋ woatsɔ eya kple amesiwo kplɔe ɖo, kple edzila kpakple eƒe dzoɖuxɔlɔ̃ aɖe asi le ɣemaɣi.

Gade chapit la Kopi




Daniel 11:6
9 Referans Kwoze  

elabena Anyiehefia agbugbɔ aƒo aʋakɔ gã bubu nu ƒu si alolo wu gbãtɔ eye le ƒe geɖe megbe la, aho aʋa kple aʋakɔ gã si dzra ɖo nyuie.


“Ne eƒe nuwuwu ɖo vɔ la, Dziehefia akpe aʋa kplii eye Anyiehefia ava kpee kple tasiaɖamwo, sɔdosrafowo kple tɔdziʋumesrafowo ƒe ha gã aɖe. Ava dze dukɔ geɖewo dzi eye wòazɔ wo dzi abe tsiɖɔɖɔ ene.


Ekema Anyiehefia ava ƒu kpo ɖe du la ŋu eye wòaxɔ du si woɖo gli sesẽ ƒo xlãe. Ŋusẽ manɔ Dzieheʋakɔwo ŋu be woaʋli o, eye woƒe kalẽtɔwo gɔ̃ hã maɖo ŋusẽ be woanɔ te o.


“Ke ame ado tso eƒe ƒome me axɔ ɖe eteƒe. Aho aʋa ɖe Anyiehefia ƒe aʋakɔwo ŋu eye wòage ɖe eƒe mɔ sesẽ la me awɔ aʋa kpli wo eye wòaɖu wo dzi.


elabena mele alẽkplɔla aɖe ɖo ge ɖe anyigba la nu si makpɔ alẽ bubuwo ta alo adi alẽviwo alo abla abi na esiwo xɔ abi alo adi nuɖuɖu na esiwo le sesĩe la o, ke boŋ aɖu alẽ nyuitɔwo ƒe lã, eye wòavuvu woƒe afɔkliwo.


“Ame vi, meŋe Farao, Egipte fia ƒe abɔ ɖeka. Womeblae kple avɔ wòatsya o, eye womeblae kple ati be, wòagasẽ alé yi o.


Eƒe mɔwo dzea edzi nɛ nyuie ɣe sia ɣi, edoa eɖokui ɖe dzi, wò sewo didi tso egbɔ; eye wòɖoa hehe ɖe eƒe futɔwo ta.


Woxɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe kekeli le wo si eye woŋe woƒe abɔ si wodo ɖe dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite