Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 11:40 - Agbenya La

40 “Ne eƒe nuwuwu ɖo vɔ la, Dziehefia akpe aʋa kplii eye Anyiehefia ava kpee kple tasiaɖamwo, sɔdosrafowo kple tɔdziʋumesrafowo ƒe ha gã aɖe. Ava dze dukɔ geɖewo dzi eye wòazɔ wo dzi abe tsiɖɔɖɔ ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Le nuwuɣi la dziehefia akpe kplii; anyiehefia atsɔ tasiaɖamwo sɔɖolawo kple ʋu geɖewo aho ɖe eŋu, eye woava aƒo ɖe anyigbawo dzi bibibi.

Gade chapit la Kopi




Daniel 11:40
24 Referans Kwoze  

Nunyalawo dometɔ aɖewo akli nu, ale be woate ŋu atsɔ dzo alolõ wo, aɖe ɖiƒoƒo ɖa le wo me eye woawɔ wo dzadzɛe va se ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo elabena nuwuwu la ava le ɣeyiɣi si woɖo ɖi la dzi.


Viawo abla akpa na aʋawɔwɔ, woaƒo aʋakɔ gã aɖe nu ƒu woava ƒo ɖe wo dzi abe tsiɖɔɖɔ gã sẽŋu aɖe ene eye woawɔ aʋa la va se ɖe keke eƒe mɔ sesẽ la gbɔ.


Woƒe datiwo le ɖaɖam, eye woku woƒe dawo me. Woƒe sɔwo ƒe afɔwo le abe dzosigbewo ene, eye woƒe tasiaɖamwo ƒe afɔwo le abe yali ene.


Mawudɔla adelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe Frat tɔsisi gã la me, eye emetsi la katã mie, ne wòadzra mɔ ɖo na ɣedzeƒefiawo.


Yehowa ava do ɖe wo dzi kpoyi, eye eƒe aŋutrɔwo anɔ bibim abe dzikedzo ene. Aƒetɔ Yehowa aku kpẽ azɔ le anyigbeme ƒe ahomwo me,


Ke wò, Daniel, dzra nya siawo ɖo eye nàtre lãgbalẽgbalẽ la me nyawo nu va se ɖe esime nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo. Ame geɖewo ayi afii kple afi mɛ be yewoadzi yewoƒe nunya ɖe edzi.”


Matrɔ wò to eme, maƒo ga ɖe wò glãƒuwo me, eye mahe wò ado goe kple wò aʋakɔ blibo la, wò sɔwo, wò sɔdolawo, ame siwo bla akpa kple ameha gã, ame siwo kpla akpoxɔnu gãwo kple ɖagbiwo, wo katã woanɔ woƒe yiwo nyem le yame.


Kpɔ ɖa! Egbɔna abe lilikpowo ene, eƒe tasiaɖamwo le du dzi abe ahomya ene eye eƒe sɔwo ɖea abla wu hɔ̃wo. Baba na mí! Míetsrɔ̃ vɔ!


Esiae nye nyagblɔɖi ɖe gbegbe si le ƒuta la ŋu. Amedzidzela aɖe ava dze mia dzi tso gbegbe, anyigba dziŋɔ aɖe dzi abe ale si ahom tuna toa anyigbemenyigba dzi ene.


Asrafo siwo do sɔ la ƒe xexlẽme anɔ miliɔn alafa eve (200,000,000). Nye ŋutɔ mekpɔ woƒe xexlẽme.


Akplɔ aʋakɔ gã si gbagbã ɖe anyi la adzoe eye wòatsrɔ̃ aʋakɔ la kple nubabla la ƒe amegã siaa.


Esi wògogo afi si metsi tsitre ɖo la, vɔvɔ̃ ɖom eye metsyɔ mo anyi. Egblɔ nam be, “Ame vi, se egɔme be ŋutega la ku ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi ŋu.”


Kpɔ ɖa, Yehowa gbɔna kple dzo bibi, eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahomya ene. Aɖe eƒe dziku ɖe go le dɔmedzoe helĩhelĩ me, eye wòaɖe eƒe mokaname afia le dzo ƒe aɖewo me,


“Ke ame ado tso eƒe ƒome me axɔ ɖe eteƒe. Aho aʋa ɖe Anyiehefia ƒe aʋakɔwo ŋu eye wòage ɖe eƒe mɔ sesẽ la me awɔ aʋa kpli wo eye wòaɖu wo dzi.


“Tete Dziehefia atsɔ dziku helĩhelĩ awɔ aʋa kple Anyiehefia, ame si ava kple aʋakɔ gã aɖe gake woaɖu edzi.


elabena Anyiehefia agbugbɔ aƒo aʋakɔ gã bubu nu ƒu si alolo wu gbãtɔ eye le ƒe geɖe megbe la, aho aʋa kple aʋakɔ gã si dzra ɖo nyuie.


“Atsɔ aʋakɔ gã aɖe ade dzo eƒe ŋusẽ kple dzideƒo me ɖe Dziehefia ŋu. Dziehefia la akpe aʋa kplii kple aʋakɔ gã sesẽ dranyi aɖe gake mate ŋu anɔ te ɖe enu o, le nugbe si wòɖo ɖe eŋu la ta.


Ava dze mɔ sesẽtɔwo kekeakewo dzi to dzromawu aɖe ƒe kpekpeɖeŋu me eye wòade bubu gã aɖe ame siwo xɔe la ŋuti. Atsɔ wo aɖo amegãwoe ɖe ame geɖewo nu eye wòama anyigba la na wo woaxe fe ɖe eta.


Eɖo eŋu nam be, “Daniel, heyi elabena wowu nyawo nu eye wotre wo nu va se ɖe esime nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo.


Ètsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ ŋɔ ta nɛ esi eƒe asrafowo dze mía dzi be yewoakaka mí. Wole gbe tem abe ɖe wodi be yewoavuvu nublanuitɔ siwo si be la ene.


Wò kple wò aʋawɔlawo katã kple dukɔ geɖe siwo le dziwò la, miaɖe zɔ abe ahomya ene; mianɔ abe lilikpo ene atsyɔ anyigba la dzi.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite