Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 10:6 - Agbenya La

6 Eƒe ŋutilã nɔ abe adzagba ene, eƒe mo nɔ abe dzikedzo ene, eƒe ŋkuwo nɔ abe akakati bibiwo ene, eƒe abɔwo kple afɔwo nɔ abe akɔbli nyuitɔ si le dzo dam la ene eye eƒe gbe nɔ abe ameha gã aɖe ƒe hoowɔwɔ ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eŋuti ɖi adzagba, eƒe mo le abe dzikedzo ene, eye eƒe ŋkutvo ɖi akakati, eƒe abɔwo kple afɔwo le abe ayawa, si le dzo dam ene, eye eƒe nuƒoƒo ƒe ɖiɖi le abe amehawo ƒe hoowɔwɔ ene.

Gade chapit la Kopi




Daniel 10:6
18 Referans Kwoze  

Eƒe ŋkuwo le abe dzoka xɔxɔwo ene, eye fiakuku geɖewo nɔ eƒe ta. Woŋlɔ ŋkɔ aɖe ɖe eŋuti, esi ame aɖeke menya o, negbe eya ŋutɔ ko.


Le toa dzi la, Yesu ƒe dzedzeme trɔ enumake. Eƒe mo de asi keklẽ me abe ɣe ene, eye eƒe awu fu tititi abe kekeli ene.


Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ tasiaɖamfɔti ene le kerubiawo gbɔ, ɖeka le kerubi ɖe sia ɖe gbɔ, eye tasiaɖamfɔtiawo nɔ dzo dam abe kpe xɔasi ene.


Esi nu gbagbeawo ɖe zɔ la, mese gbeɖiɖi aɖe tso woƒe aʋalawo me abe tɔsisiwo ƒe ɖiɖi ene, abe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe ene, abe aʋakɔ aɖe ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ ene. Ne nu gbagbeawo tɔ ɖe teƒe ɖeka la, woɖiɖia woƒe aʋalawo.


Tasiaɖam ƒe afɔawo ƒe dzedzeme kple ale si wowɔ woe la le ale: woklẽna abe adzagba ene, eye wo ame eneawo katã ɖi wo nɔewo. Ɖe sia ɖe dze abe ɖe wowɔe be wòade nu nɔvia me ene.


Nu gbagbeawo nɔa du dzi, yia megbe, yia ŋgɔgbe abe dzikedzo ene.


woɖo fli atɔ̃lia kple sardonixkpe, fli adelia nye karneliakpe, adrelia nye krisolitekpe, enyilia nye berilkpe, asiekɛlia nye topazkpe, ewolia nye krisoprasekpe, wuiɖekɛlia nye yakintkpe, eye wuievelia nye ametistkpe.


Tete mekpɔ mawudɔla triakɔ bubu wòtso dziƒo gbɔna. Lilikpo nye awu ʋlaya wòdo, eye anyieʋɔ le eƒe ta dzi, eƒe mo le abe ɣe ene, eye eƒe afɔwo le abe dzosɔtiwo ene.


Esi wònɔ gbe dom ɖa la, eƒe mo de asi keklẽ me. Eƒe awuwo fu tititi henɔ dzo dam miamiamia.


Woƒe afɔwo dzɔ; woƒe afɔwo le abe nyivi tɔwo ene, eye wole dzo dam abe ayawagba si ŋu woƒã la ene.


Topaz, oniks kple yaspa nanɔ fli enelia me. Tsɔ sika gbi kae fa ɖe wo ŋuti.


Mawudɔla la ƒe mo nɔ keklẽm abe dzikedzo ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe ɖetifu ene.


“Ŋlɔ agbalẽ na Tiatira hamea ƒe mawudɔla be, Esiawoe nye Mawu Vi la ƒe nyawo, ame si ƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye eƒe afɔwo le abe gadzĩ si le keklẽm la ene.


Eƒe abɔwo le abe sikati si ŋuti woɖo sohamkpe ɖo la ene. Eƒe ŋutigbalẽ le abe nyiɖu si ŋuti wotutu wòzrɔ̃ nyuie, eye wotsɔ safir ɖo atsyɔ̃ ɖe eŋu la ene.


Ekplɔm yi afi ma, eye mekpɔ ame aɖe si ƒe dzedzeme ɖi akɔbli. Etsi tsitre ɖe agboa nu. Elé dzidzeka kple nudzidzeti ɖe asi.


Mefɔ kɔ dzi, eye mekpɔ nane abe ame ene. Tso eƒe afi si dze abe ali gbɔ ene yi anyigba lɔƒo la le abe dzo bibi ene, eye tso afi ma yi dzi lɔƒo la, eƒe dzedzeme le abe ga keklẽ ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite