Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 10:21 - Agbenya La

21 gake gbã la, magblɔ nu si woŋlɔ ɖe Nyateƒegbalẽ la me. Ame aɖeke mekpe ɖe ŋunye le avuwɔwɔ kpli wo me o, negbe Amegã Mikael.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ke magblɔ nusi woŋlɔ ɖe nyateƒe-gbalẽ me la, na wò; amea ɖeke made dzinye ɖe wo ŋu o, negbe mlaƒe amegã Mixael ko.

Gade chapit la Kopi




Daniel 10:21
14 Referans Kwoze  

Ke esi megbɔna la, Persia fiaɖuƒe la ƒe dziɖula nɔ te, wɔ aʋa kplim ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛ sɔŋ. Tete Mikael, mawudɔlawo ƒe amegã ɖeka va kpe ɖe ŋunye elabena wozi dzinye ɖe Persia fia gbɔ le afi ma.


Eye aʋa dzɔ le dziƒo. Maikel kple eƒe mawudɔlawo wɔ aʋa kple ʋɔ driba la, eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo hã wɔ aʋa kpli wo.


“Le ɣe ma ɣi me la, Mikael, mawudɔlawo ƒe amegã si dzɔa wò amewo ŋu la atso. Xaxaɣi si tɔgbi meva kpɔ o, tso dukɔwo ƒe gɔmedzedze va se ɖe ɣe ma ɣi la anɔ anyi. Ke le ɣe ma ɣi me, wo ame siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me la akpɔ xɔxɔ.


Mawudɔlagã Maikel gɔ̃ hã, esi wònɔ nya hem kple Abosam tso Mose ƒe ŋutilã kukua ŋuti la, mete ŋu do dzi gblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe eŋuti o, ke ɖeko wògblɔ be, “Aƒetɔ la aka mo na wò!”


Nyagblɔɖilawo ƒe nya sɔ kple nu siwo wogblɔ na mi abe ale si woŋlɔ ɖi ene be,


Ke wò, Daniel, dzra nya siawo ɖo eye nàtre lãgbalẽgbalẽ la me nyawo nu va se ɖe esime nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo. Ame geɖewo ayi afii kple afi mɛ be yewoadzi yewoƒe nunya ɖe edzi.”


“Nya nu sia eye nàse egɔme. Tso sedede sia be woagbugbɔ Yerusalem atu dzi va se ɖe esime Amesiamina la, dziɖula la nava la, anye kɔsiɖa adre eye woagbugbɔe atu kple mɔtatawo kple tsisitoƒewo gake woawɔe le xaxaɣi.


“Ŋutega si wona nèkpɔ tso fiẽ kple ŋdi ŋu la nye nyateƒe gake dzra ŋutega la ɖo ɖe wò dzi me elabena eku ɖe ɣeyiɣi didi aɖe si gbɔna la ŋu.”


Esiwo le nyanya me nɛ tso blema ke.


Eya ta Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, mewɔa naneke ne meɖe eƒe ɖoɖo fia eƒe dɔla nyagblɔɖilawo hafi o.


Efia num, gblɔ nam be, “Daniel, meva azɔ be mana sidzedze kple gɔmesese wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite