Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 10:12 - Agbenya La

12 Eyi edzi gblɔ be, “Daniel, mègavɔ̃ o. Tso ŋkeke gbãtɔ dzi esi nèɖo ta me be yease nu gɔme, abɔbɔ ye ɖokui ɖe yeƒe Mawu ƒe ŋkume la, wose wò gbedodoɖawo eye wò gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖo tae meva ɖo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye wògblɔ nam bena: Daniel, megavɔ̃ o, elabena tso gbesigbe nẽdi tso dzi me be, yease nya gɔme, eye nètsi nu ɖɔ le wò Mawu ŋku me la, wose wò nyawo, eye wò nyawo, dzi mezɔ do va.

Gade chapit la Kopi




Daniel 10:12
26 Referans Kwoze  

Egblɔ nam be, “Mègavɔ̃ o, O, wò ame si ŋu wode asixɔxɔ gã aɖee. Ŋutifafa na wò! Ŋusẽ neɖo ŋuwò azɔ. Xɔ ŋusẽ.” Esi wònɔ nu ƒom nam la, ŋusẽ ɖo ŋunye eye megblɔ be, “Nye Aƒetɔ, ƒo nu le esi nèna ŋusẽm ta.”


Ekema àyɔ Yehowa, eye wòatɔ na wò. Àdo ɣli be wòaxɔ na wò, eye wòagblɔ be, ‘Nyee nye esi.’ “Ne èɖe teteɖeanyi ƒe kɔkuti ɖa, asifiafia ame kple ameŋugblẽnyawo gbɔgblɔ,


Mawudɔla la ƒo nu na nyɔnuawo gblɔ be, “Migavɔ̃ o, elabena menya be Yesu si woklã ɖe ati ŋuti la dim miele,


Matɔ hafi woayɔm. Ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.


eya ta mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu. Mali ke wò, eye makpe ɖe ŋuwò; matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusibɔ alé wò ɖe te.


Mègavɔ̃ o. O! Ŋusẽmanɔsitɔ, Yakob, O! Israel beli, elabena nye ŋutɔ makpe ɖe ŋuwò.” Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae gblɔe.


migblɔ na ame siwo ƒe dzi le vɔvɔ̃m be, “Misẽ ŋu, migavɔ̃ o. Miaƒe Mawu la gbɔna. Ava kple hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo, eye wòaɖe mi.”


Yesu bia wo be, “Nu ka ta miele vɔvɔ̃m ɖo? Nu ka tae miele ɖi kem le miaƒe dziwo me, be nyee le mia dome?


Enye dzudzɔgbe na mi, miawɔ ŋkeke la ŋu dɔ na nutsitsidɔ. Esia nye se mavɔ na mi.


“Esia nanye ɖoɖo mavɔ na mi: le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ele be miagbe nu le mia ɖokuiwo gbɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o, eɖanye dzɔleaƒea loo alo amedzro si le mia dome o,


Esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Tete wòtsɔ eƒe nuɖusi da ɖe dzinye, eye wògblɔ be, “Mègavɔ̃ o. Nyee nye Gɔmedzedze kple Nuwuwu.


‘Paulo, mègavɔ̃ o, elabena àva ɖo Kaisaro gbɔ dedie be wòadrɔ̃ ʋɔnu wò. Gawu la, Mawu se wò gbedodoɖa, eya ta ame siwo katã le ʋua me kpli wò la atsi agbe’


Esi mefa avi, tsi nu dɔ la, vlododo boŋ wozu nam;


gake mawudɔla la de dzi ƒo na wo gblɔ be, “Migavɔ̃ o! Dzidzɔnya gãtɔ kekeake si miese kpɔ o lae meva be magblɔ na mi kple ame bubuwo siaa!


Mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Maria, mègavɔ̃ kura o, elabena Mawu ɖoe be yeayra wò nukutɔe!


Gake mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Zekaria, elabena meva be magblɔ na wò be Mawu se wò gbedodoɖa. Srɔ̃wò Elizabet le viŋutsuvi dzi ge na wò, eye nàna ŋkɔe be Yohanes.


Gake mawudɔla la gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Menye Yesu Nazaretitɔ, si woklã ɖe ati ŋu la dim miele oa? Mele afi sia o, etsi tsitre. Mikpɔ afi si wokɔ eƒe ŋutilã mlɔe ɖa.


Yesu gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o! Miyi miagblɔ na nɔvinyewo be woadze mɔ enumake woayi ɖe Galilea, eye woado gom le afi ma.”


Egblɔ nam be, “Daniel, wò ame si ŋu wode bubu gãe, bu ta me nyuie le nya siwo gblɔ ge mala na wò la ŋu: Tsi tsitre elabena woɖom ɖe gbɔwò azɔ.” Esi wògblɔ nya siawo nam la, metsi tsitre heganɔ dzodzom nyanyanya ko.


“Le ŋkeke ewo megbe la, ameawo katã agakpe ta. Ame sia ame abɔbɔ eɖokui le Yehowa ŋkume, eye womawɔ dɔ aɖeke ƒomevi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite