Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Daniel 10:11 - Agbenya La

11 Egblɔ nam be, “Daniel, wò ame si ŋu wode bubu gãe, bu ta me nyuie le nya siwo gblɔ ge mala na wò la ŋu: Tsi tsitre elabena woɖom ɖe gbɔwò azɔ.” Esi wògblɔ nya siawo nam la, metsi tsitre heganɔ dzodzom nyanyanya ko.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye wògblɔ nam bena: Wò Daniel, ame malɔ̃nugbɔa, lé to ɖe nya, si gblɔ ge, mala na wò la ŋu, eye natsi tre: ɖe tewòƒe, elabena azɔ wodɔm ɖe gbɔwò! Eye esi wògblɔ nya sia nam le metsi tre ɖi hele dzodzom nyanyanya.

Gade chapit la Kopi




Daniel 10:11
15 Referans Kwoze  

Tsi tsitre, elabena metia wò be nànye nye subɔla kple nye ɖaseɖila. Yi nàɖe gbeƒã wò nuteƒekpɔkpɔ sia kple bubu siwo gbɔna la fia xexea me katã.


Nyɔnuawo si do go le yɔdo la me kple vɔvɔ̃ gã aɖe. Wovɔ̃ ale gbegbe be womagate ŋu aƒo nu gɔ̃ hã o. [


Egblɔ nam be, “Ame vi, tso, nànɔ tsitre, eye maƒo nu na wò.”


Azɔ tsi tsitre nàyi Damasko dua me; ne èɖo afi ma la, woagblɔ nu siwo nàwɔ la na wò.”


Esi Petro trɔ la, ekpɔ nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na la wòkplɔ wo ɖo. (Nusrɔ̃la siae ziɔ ɖe Yesu ŋu le nuɖuƒe la hebiae be, “Aƒetɔ, mía dometɔ kae ade wò asi?”)


Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, esi Yesu lɔ̃na vevie la, nɔ anyi ziɔ ɖe Yesu ŋu.


Egblɔ nam be, “Mègavɔ̃ o, O, wò ame si ŋu wode asixɔxɔ gã aɖee. Ŋutifafa na wò! Ŋusẽ neɖo ŋuwò azɔ. Xɔ ŋusẽ.” Esi wònɔ nu ƒom nam la, ŋusẽ ɖo ŋunye eye megblɔ be, “Nye Aƒetɔ, ƒo nu le esi nèna ŋusẽm ta.”


Nyemeɖu nu nyui aɖeke o, lã kple wain meka nu nam o eye nyemesi ami aɖeke kura o va se ɖe esime kɔsiɖa etɔ̃ la wu enu.


Wò tugbedzedze wɔ dɔ ɖe fia la dzi ŋutɔ, eya ta de bubu eŋu, elabena eyae nye wò aƒetɔ.


“Esia na nye dzi lã kpo eye wòti kpo le enɔƒe.


Menye nye lɔlɔ̃tɔ tɔ, eye eya hã ƒe dzi le yonyeme.


nenye be ame etɔ̃ siawo, Noa, Daniel kple Hiob gɔ̃ hã anɔ wo dome. Woatsɔ woƒe dzɔdzɔenyenye aɖe woawo ŋutɔ ɖeɖe ko. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite